file_ids
stringlengths
38
40
Audio
audioduration (s)
21.3
1.1k
Transcript
stringlengths
166
12k
1-bb43a7d5f882af9430fd2e2af373e068.mp3
Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la. Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu. To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme. Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe. Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome. Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã. Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu. Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo. Medoa gbe ɖa na Mawu be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, be mava mia gbɔ mlɔeba. Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi, ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse. Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o. Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa. Eya ta medi vevie be magblɔ nyanyui la na mi ame siwo le Roma hã. Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã. Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.” Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me. Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ. Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o. Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene. Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen. Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me. Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo, ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo. Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.
18-65f1c6c3ed99a6923270d0b2c2d12d7c.mp3
Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu. Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o. Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te, eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi.” Amedzroawo ɖo eŋu be, “Enyo; wɔ abe ale si nègblɔ ene.” Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, “Netsɔ! Tɔ tatalĩ! Kɔ wò wɔ nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!” Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake. Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum. Wobiae be, “Afi ka srɔ̃wò, Sara le?” Abraham ɖo eŋu be, “Ele agbadɔ me.” Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem. Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo. Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?” Yehowa gblɔ na Abraham be, “Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, ‘Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?’ Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na wò xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi.” Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.” Le esia megbe la, ameawo dze mɔ ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa. Yehowa gblɔ le eɖokui me be, “Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? Eyae azu dukɔ gã aɖe, eye wòahe yayra vɛ na dukɔwo katã le anyigba dzi. Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.” Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi. Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ.” Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya tɔ ɖe Yehowa ŋkume. Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua? Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta.” Abraham gagblɔ be, “Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko hã la, esi medze nuƒoƒo kple wò Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe mɔ nam mayi edzi ko. Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?” Yehowa gblɔ be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o.” Tete Abraham gayi edzi be, “Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o.” Abraham gblɔ be, “Meɖe kuku, mègana dzi naku wò o; ɖe mɔ nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ pɛ ko la, nyematsrɔ̃ du la o.” Abraham yi edzi be, “Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta.” Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, “O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia pɛ koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo pɛ ko nàkpɔ ɖe?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o.” Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.
98-d466cce89f76eb7d3e33cc9198073560.mp3
Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ. Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo. Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe. Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo. Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi, kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume. Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, anyigba kple edzinɔlawo katã hã. Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta. Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.
12-d578074aa298cc19d73bd0a454074df1.mp3
Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.” Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi ne miatrɔ gbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo trɔ dzo. Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.” Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?” Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siawo, esi wogblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ” Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.” Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu. Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo dzo yi aƒe me. Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko. Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe. Esi Israel ƒe to bubu me tɔwo se be Yeroboam gbɔ tso Egipte la, woyɔe be wòava do go ameawo katã. Woɖoe fiae ɖe Israel dzi le afi ma. Yuda kple Benyamin ƒe towo koe nɔ fia siwo nye David ƒe dzidzimeviwo la te. Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene. Ke Mawu gblɔ nya siawo na Nyagblɔɖila Semaya be, “Gblɔ na Rehoboam, Yuda fia Solomo ƒe vi kple Yuda kple Benyamin kple ame bubuawo katã be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’ ” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Azɔ la, Yeroboam tu Sekem du la ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi eye wòna wòzu eƒe fiadu. Etu Penuel du la emegbe. Yeroboam bu be, “Ne nyemekpɔ nyuie o la, ameawo adi David ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe abe woƒe fia ene. Ne woyi Yerusalem be woasa vɔ le gbedoxɔ la me la, woadze xɔ̃ fia Rehoboam, ekema woawum eye woana wòazu woƒe fia ɖe tenyeƒe.” Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!” Wotsɔ sikanyiviawo dometɔ ɖeka da ɖe Betel eye woda evelia ɖe Dan. Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe elabena ameawo subɔ wo. Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo. Eɖo ŋkekenyui aɖe anyi da ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi abe ŋkekenyui siwo woɖuna le Yuda ene eye wòsaa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Ewɔ esia le Betel eye wosaa vɔ na nyivi siwo wòwɔ le Betel. Eɖo nunɔlawo na nuxeƒe siwo wòtu. Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi.
22-e7a0f0f9688e64dc451b6649f525fcd1.mp3
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame? O! Hoowɔwɔ ƒe du, ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du, nu kae le wɔwòm? Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o, eye menye aʋa hãe wotsi o. Wò dumegãwo katã si dzo; wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo, eye womeʋli wo ɖokui ta o. Togbɔ be wosi dzo esi futɔ la megogo wo kura o hã la, wolé wò amewo katã, eye wozu aboyomewo. Eya ta megblɔ be, “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye, eye mina mɔm mafa avi vevie. Migafa akɔ nam ɖe nye ameawo ƒe tsɔtsrɔ̃ ta o”, elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya, nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la, ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi, eye ɣli aɖi le towo tame. Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti, eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu. Ale tasiaɖamwo yɔ wò balime nyuitɔ, eye woɖe sɔdolawo ɖe wò agbowo nu. Ale Aƒetɔ la ɖe Yuda ƒe akpoxɔnuwo katã ɖa, eye Yuda di xɔ si wotu ɖe ave me, si me aʋawɔnuwo nɔ la vevie gbe ma gbe. Miekpɔ be gbagbãƒe geɖewo le David ƒe du la ŋu, eya ta mielɔ tsi ɖe anyigbeta la me. Miexlẽ xɔ siwo le Yerusalem, hegbã woƒe gliwo be miagbugbɔ wo aglã. Mieɖe tsiʋe gã aɖe ɖe gli eveawo dome, helɔ tsi le ta xoxo la me kɔ ɖe eme, gake miebia ame si wɔe la ta se o, alo miede bubu ame si wɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso blema ke la ŋu o. Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli. Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum. Miewu nyiwo, tso alẽwo; mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be, “Mina miaɖu nu, ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nam be, “Womatsɔ nu vɔ̃ sia ake mi o va se ɖe miaƒe kugbe.” Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. Ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔ nye esi, “Tso nàyi Sebna, nuwo dzikpɔla, ame si le aƒea nu la gbɔ, nàgblɔ nɛ be, ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia, eye ame kae ɖe mɔ na wò be naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’ “Kpɔ nyuie, elabena esusɔ vie Yehowa ƒe asi nasu dziwò, eye wòatsɔ wò aƒu gbe. O! Ŋutsu kalẽtɔ. Aŋlɔ wò nogoe abe abo ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖe anyigba gã aɖe dzi. Afi ma nàku ɖo, eye afi ma wò tasiaɖam ɖablawo atsi. Wò ame si nye ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe. Maɖe wò ɖa le wò zi dzi, eye woaxɔ wò nɔƒe kɔkɔ la le asi wò. “Gbe ma gbe la, mayɔ nye dɔla Eliakim, Hilkia ƒe vi. Matsɔ wò awu ʋlaya ado nɛ; atsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, eye maxɔ wò nɔƒe atsɔ nɛ. Anye fofo na Yerusalemtɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. Matsɔ David ƒe aƒe ƒe safui la aɖo abɔta nɛ. Nu sia nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu sia nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o. Maƒoe ɖe to abe tsyoti ene le teƒe sesẽ aɖe. Anye fiazikpui si ŋu bubu le na fofoa ƒe aƒe. Eƒe ƒome la katã ƒe ŋutikɔkɔe anɔ eya amea dzi, ɖe viawo kple eƒe dzidzimeviwo dzi. Anɔ nu siwo katã ŋu dɔ wowɔna le aƒe me la dzi; tso agbawo dzi va se ɖe tsinokpluwo dzi.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Le ŋkeke ma dzi la, tsyoti si woƒo ɖe teƒe sesẽ la aho. Woalãe, wòamu adze anyi, eye agba si wotsɔ ku ɖe eŋu la hã akaka.” Yehowae gblɔe.
6-8c3d140d0ff5fc6633a37f2eab7a8dff.mp3
Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Gbedoxɔ si Fia Solomo tu na Yehowa la didi mita blaeve-vɔ-adre, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata si le gbedoxɔ la ƒe dodonuxɔ nu la didi sɔ kple gbedoxɔ la ƒe kekeme, si ƒe kekeme nye mita asiekɛ eye wòdo ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ mita ene kple afã. Ewɔ fesre suesue siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe gotagome la ɖe gbedoxɔ la ŋu. Le gbedoxɔ la ƒe akpata gã kple xɔ titinatɔ ƒe gliwo megbe la, woɖo gli siwo me xɔŋuxɔewo le la ɖi godoo va kpe. Xɔ anyigbatɔ keke mita eve kple afã, xɔ titinatɔ keke mita etɔ̃ kloe eye xɔ tametɔ keke mita etɔ̃ kple nu sue aɖe. Le gbedoxɔ la godo la, eɖo gli kpui ƒo xlãe ale be womaŋɔ gbedoxɔ la ƒe gli la atsɔ naneke ade eme o. Wokpa kpe siwo ŋu dɔ wowɔ le gbedoxɔ la tutu me la le kpekuƒe la, ale womese zu, fia alo dɔwɔnu bubu aɖeke ŋu dɔ wɔwɔ ƒe ɖiɖi le xɔa tuƒe o. Wotoa gbedoxɔ la ƒe dziehe gome gena ɖe axadzixɔ anyigbatɔawo me. Atrakpui gɔdɔ̃gɔdɔ̃wo tso anyigbatɔawo me yi xɔtaxɔ gbãtɔwo me. Bubuwo hã gatso xɔtaxɔ eveliawo me yi etɔ̃liawo me. Esi wowu gbedoxɔa nu la, Solomo tsɔ sedati fa ɖe gliawo kple daɖedziawo kple sɔtiawo ŋu. Etu xɔŋuxɔewo ƒo xlã gbedoxɔ la, ɖe sia ɖe kɔ mita etɔ̃ eye wolé wo ɖe gbedoxɔ la ŋu kple sedatiwo. Yehowa ƒe nya va na Solomo be, “Le gbedoxɔ si tum nèle ŋu la, ne èzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, nèwɔ nye kɔnuwo dzi, ne èlé nye sewo me ɖe asi eye nèwɔ wo dzi la, ekema mato dziwò awɔ ŋugbe si medo na fofowò, David la dzi. Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.” Ale Solomo wu gbedoxɔ la tutu nu mlɔeba. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu le xɔawo me, tso anyigba ɖatɔ gbedoxɔ la ƒe dzisasã la eye wòɖo sesewuʋuƒowo ɖe gbedoxɔ la ƒe anyigba le xɔawo katã me. Eɖe mita asiekɛ ɖe gbedoxɔ la megbe eye wòtsɔ sedaʋuƒowo ma teƒe si wòɖe ɖe megbe la me tso anyigba ɖatɔ xɔ la ƒe dzisasã be wòanye xɔ anɔ gbedoxɔ la me, esia nye Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe. Akpata si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu la didi mita ene kple afã. Le gbedoxɔ la me la, efa sedaʋuƒowo ɖe afi sia afi eye wòta goewo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋuƒoawo ŋu ale be nu sia nu si le gbedoxɔa me la nye sedaʋuƒo, gli aɖeke ŋuti medze o. Xɔ ememetɔ mee wotsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la da ɖo. Xɔ sia me didi mita asiekɛ, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita asiekɛ. Etsɔ sika nyuitɔ fa ɖe gliawo kple dzisasã la ŋu. Solomo tsɔ sedati wɔ vɔsamlekpui da ɖe xɔ sia me, Efa sika nyuitɔ ɖe gbedoxɔ la me, etsi sikakɔsɔkɔsɔ ɖe xɔ emetɔ ƒe ŋgɔgbe, afi si ŋu wòfa sika ɖo. Ale wòfa sika ɖe xɔ blibo la me. Efa sika ɖe vɔsamlekpui si le xɔa emetɔ me la hã ŋu. Wotsɔ amiti kpa kerubi eve eye Solomo tsɔ wo da ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me. Ɖe sia ɖe kɔ mita ene kple afã. Kerubi gbãtɔ ƒe aʋala ɖeka didi mita etɔ̃, aʋala evelia didi mita atɔ̃ eye tso woƒe aʋalawo ƒe nugbɔ yi aʋala bubu gbɔ le mita ade. Eda wo ɖi ale be ɖeka ƒe aʋala tɔ gli le afii eye evelia hã ƒe aʋala tɔ gli le afi mɛ. Woƒe aʋala emetɔwo tɔ wo nɔewo le xɔ la titina. Woƒe aʋala ɖeka didi afɔ adre kple afã ale kerubi ɖeka kple eƒe aʋalawo ƒe kekeme de afɔ wuiatɔ̃. Kerubi eveawo sɔ goawo katã me. Efa sika ɖe ɖe sia ɖe ŋu. Ekpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔ eveawo ƒe gliwo ŋu eye wòfa sika ɖe xɔ eveawo ƒe anyigba. Ke hena mɔnu si ge ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me la, etsɔ amiti sesẽ ƒe ʋuƒo kpa ʋɔtru si ŋena ɖe akpa eve la tsɔ xe mɔnu si ʋɔtruti atɔ̃ li na eye wòkpa Kerubiwo, detiwo, seƒoƒo siwo ke la ɖe mɔnu la ƒe ʋɔtru eve siwo wòkpa kple amiti la ŋu hafi fa sika ɖe wo katã ŋu. Solomo tsɔ amiti wɔ ʋɔtruti eve siwo ƒe kɔkɔme sɔ kple woƒe kekeme la, na gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Ewɔ ʋɔtru eve kple sesewuti eye wodana yia megbe le wo ɖokui si. Wokpa kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo siwo ke la ɖe ʋɔtruawo ŋu eye wòfa sika ɖe wo ŋu. Etsɔ kpe fufu ɖoɖo etɔ̃ kple sedaʋuƒo ɖoɖo ɖeka fa ɖe akpata emetɔwo ƒe gli ŋu. Woɖo gbedoxɔ la gɔme anyi le dzinu evelia me le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. Wowu xɔ blibo la tutu nu le Solomo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe ɣleti enyilia, Bul me. Ale gbedoxɔ la tutu xɔ ƒe adre.
41-21383b29e4e3f478dad08e825dc0a115.mp3
“Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me! Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu! Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu. Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe. “Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe, heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ? Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume. Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ, eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene. Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o, gake naneke mewɔe o. Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.” Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃. Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe, woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe; ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.” Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula, ganutrela de dzi ƒo na zudala. Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.” Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o. “Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia. Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo. Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o, eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te. “Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o. Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko, elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’ Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe. “Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woazu fufu. Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu. “Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o. Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame, eye tometsiwo nasi to balimewo. Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo, eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo. Mana sedati, logoti, gboti kple amiti namie ɖe gbegbe, eye mana xeti, fɔfɔli, kple sesewu namie ɖe dzogbe. Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.” Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to. Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe. “Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí. Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí. Nya kae le etsɔ si na mí ne mianya be mawuwoe mienye. Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃, ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí. Ke miele naneke hã me o, eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o. Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu. “Menyɔ ame aɖe tso anyiehe eye wòle mɔ dzi gbɔna. Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe, eye wòyɔa nye ŋkɔ. Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene, efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene. Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea, ne mienyae do ŋgɔ, ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’ Ame aɖeke megblɔ esia o. Ame aɖeke megblɔe da ɖi o; ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o. Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem. Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o, ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o. Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya si mebia wo la ŋu nam o. Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko! Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o. Woƒe legbawo hã nye ya kple tofloko ko.
25-cd2c372757b1bd04c6071fc518d46983.mp3
Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me. Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe. Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome eye wotui le Yeriko ƒe gbadzaƒe. Fia la ƒe asrafowo gble fia la ɖi eye woka hlẽ. Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe. Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia. Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrea gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si nye dɔnunɔla le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea. Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi. Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia. Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe. Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo. Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o. Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ. Akɔblitametsyɔnu si wowɔ tsyɔ sɔtiawo tame la ƒe kɔkɔme le mita ɖeka kple afã eye woɖo atsyɔ̃ nɛ kple yevuboɖati ƒe seƒoƒo siwo wowɔ kple akɔbli. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo. Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. Ke le ame siwo susɔ ɖe dua me dome la, ekplɔ aʋafia si le aʋawɔlawo nu kpe ɖe ame atɔ̃ siwo nye fia ƒe aɖaŋuɖolawo ŋuti. Ekplɔ agbalẽŋlɔla gã, ame si ganye dɔnunɔlagã, si kpɔa amewo xɔxɔ de asrafodɔ me ƒe nyawo gbɔ hekpe ɖe eŋutime blaade siwo susɔ ɖe dua me la ŋuti. Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla. Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi. Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu. Esi Israel ƒe aʋawɔla aɖewo, ame siwo womelé o la se be Babilonia fia tsɔ Gedalia ɖo dzikpɔlae la, kplɔla aɖewo kple woƒe amewo va wɔ ɖeka kplii le Mizpa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ismael, Netania ƒe vi, Yohanan, Karea ƒe vi, Seraya, Tanhumet ƒe vi tso Netofat kple Yaazania, si tso Makat kple woƒe amewo. Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.” Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa. Ale Yudatɔwo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple asrafomegãwo katã si yi Egipte elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Babiloniatɔwo. Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi. Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia. Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.
20-6f5a0fd2f272191fc5a3d9e835adf730.mp3
Le ƒe adrelia ƒe ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbe bia ge Yehowa, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume. Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema tsɔ wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwɔnawo ɖo woƒe ŋkume, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.” Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã. Megblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi mieda ŋku ɖo la ŋu, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple Egipte legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ Yehowa, miaƒe Mawu la.” “ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte. Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le. Eya ta mekplɔ wo dzoe le Egipte yi gbegbe la. Metsɔ nye ɖoɖowo na wo, eye mena wonya wo to nye seawo me, elabena ame si awɔ nye seawo dzi la, anɔ agbe. Kpe ɖe esia ŋu la, metsɔ nye Dzudzɔgbewo na wo abe dzesi si le mía dome ene, ale be woanya be, Yehowae wɔ wo wozu kɔkɔe. “ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la. Ke le nye ŋkɔ ta, mewɔ nu si aɖe nye ŋkɔ tso gudodoe me le dukɔ siwo ŋkume meɖe wo tso Egipte le. Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o; elabena wogbe nye seawo, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe dzi ku ɖe woƒe legbawo ŋu. Ke mekpɔ nublanui na wo, eye nyemetsrɔ̃ wo le gbea dzi o. Megblɔ na wo viwo le gbea dzi be, “Migazɔ ɖe mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migawɔ woƒe sewo dzi o, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple woƒe legbawo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe nye seawo dzi. Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.” “ ‘Ke ɖeviawo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye womekpɔ egbɔ be yewoawɔ ɖe nye seawo dzi o, togbɔ be mena wonya be, ame siwo wɔ ɖe wo dzi la anɔ agbe hafi. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe wo dzi le gbea dzi. Gake megbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye le nye ŋkɔ ta la, mewɔ nu si mado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo dzoe le la gbɔ o. Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi, eye meka atam na wo le gbea dzi be mama wo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ɖe anyigbawo dzi, elabena womewɔ ɖe nye sewo dzi o, ke wogbe nye ɖoɖowo, wodo gu nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo biã ɖe wo fofowo ƒe legbawo ŋu. Metsɔ ɖoɖo siwo menyo o kple se siwo nu womate ŋu anɔ agbe ɖo o la hã na wo. Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’ “Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme. Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’ Ale mebia wo be, ‘Nuxeƒe kae nye esi mieyi?’ ” (Woyɔa teƒe sia be “Bama” si gɔmee nye nuxeƒe va se ɖe egbe.) “Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua? Ne mietsɔ mia viwo sa vɔe le dzo me abe nunana ene la, mieyi gudodo mia ɖokuiwo dzi kple miaƒe legbawo va se ɖe egbe. Ɖe mana miabia gbem mahã, O! Israel ƒe aƒe? Meta nye agbe be nyemaɖe mɔ miabia gbem o’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. “ ‘Miebe míedi be míanɔ abe dukɔ bubuwo ene, abe xexemetɔwo ene, ame siwo subɔa ati kple kpe! Ke nu si le ta me na mi la, mava eme gbeɖe o.’ Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta nye agbe be maɖu mia dzi kple asi sesẽ kple abɔ si medo ɖe dzi kple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la. Makplɔ mi vɛ tso dukɔwo dome, eye maƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la kple asi sesẽ kpakple dɔmedzoe si matrɔ akɔ ɖi la. Makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbedzi, eye le ŋkume kple ŋkume, le afi ma la, mabu fɔ mi. Mahe to na mi abe ale si mehe to na mia fofowo le Egipte gbegbe la ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Malé ŋku ɖe mia ŋu, mianɔ nye ameƒoti te, eye makplɔ mi ade nubabla ƒe sewo te. Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’ “Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o. Elabena le nye to kɔkɔe si nye Israel ƒe to kɔkɔ la dzi la, Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le anyigba ma dzi, eye le afi ma la, maxɔ wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Le afi ma la, mahiã miaƒe nunana xɔasiwo kple miaƒe vɔsa kɔkɔewo. Maxɔ mi abe dzudzɔdodo ʋeʋĩwo ene ne meɖe mi tso dukɔwo dome, eye meƒo ƒu mi tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, ne mekplɔ mi va ɖo Israelnyigba si mekɔ asi dzi heka atam be matsɔ ana mia fofowo la dzi. Le afi ma la, miaɖo ŋku miaƒe nɔnɔme kple nu siwo katã miewɔ hegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo la dzi, eye ŋukpe alé mi ɖe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ la ta. Mianya be nyee nye Yehowa, ne mehe to na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye le miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe nu gbegblẽwo wɔwɔ nu o.’ O! Israel ƒe aƒe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, trɔ mo ɖo ɖe dziehe lɔƒo, gblɔ nya tsi tsitre ɖe dziehenyigba ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe Negebnyigba ƒe avewo ŋuti. Gblɔ na ave si le Negeb la be, ‘Se Yehowa ƒe nya. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matɔ dzo wò, eye dzo la afia wò atiwo katã, ati mumuwo kple ƒuƒuawo siaa. Womatsi dzo la o, eye wòafia ŋkume ɖe sia ɖe tso dziehe yi anyiehe. Ame sia ame akpɔe be nye Yehowae do dzo la, eya ta womatsii o.’ ” Eye megblɔ be, “Aa, Aƒetɔ Yehowa! Wole gbɔgblɔm tso ŋunye be, ‘Menye lo ko dom wòle oa?’ ”
2-15411484410476d5f2e35f98a0da1370.mp3
Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ afi ma ŋkeke eve, ke ame aɖewo yi ɖagblɔ na Yeriko fia be, Israelvi eve, ame siwo ɖi ŋkutsalawo la va ɖo dua me fiẽ ma. Ale fia la dɔ dɔlawo ɖo ɖe Rahab be, “Ɖe asi le amedzroawo ŋu, elabena ŋkutsalawo wonye, eye Israelviwo ƒe kplɔlawoe ɖo wo ɖa be woadi mɔ nyuitɔ si dzi woato aho aʋa ɖe mía ŋu.” Ke Rahab ɣla amedzroawo, eye wògblɔ be, “Ameawo nya va afi sia do ŋgɔ na mi, gake nyemenya ne ŋkutsalawo wonye o. Wodzo esi xexea me de asi tsyɔtsyɔ me, eye wòsusɔ vie woatu dua ƒe agbowo. Nyemenya afi si woyi o, ne mieɖe abla la, ɖewohĩ miatu wo!” Nu si Rahab wɔe nye, ekplɔ ameawo yi xɔta, eye wòɣla wo ɖe ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la te. Ale dɔlawo di wo yi keke Yɔdan tɔsisi la to. Esi dɔlawo dze mɔ ko la, wotu dua ƒe agbowo. Hafi woamlɔ anyi la, Rahab yi ɖagblɔ na amedzroawo be, “Menyae nyuie be Yehowa le míaƒe anyigba tsɔ ge na mi. Mí katã míele mia vɔ̃m. Miaƒe ŋkɔ ‘Israel’ sese ɖeɖe hã dea vɔvɔ̃ lãme na ame sia ame, elabena míese ale si Yehowa ɖe mɔ to Ƒu Dzĩ la me na mi esi miedzo le Egipte! Míenya nu si miewɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fia eve siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple ale si miegblẽ woƒe anyigba, eye mietsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi. Nu sia ta míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ! Nya siawo sese ɖe dzi le mía ƒo, elabena Yehowa, miaƒe Mawue nye Mawu gã le dziƒo, eye menye mawu dzodzro aɖeke o. Ke azɔ la, mika atam nam kple Yehowa, miaƒe Mawu la be miave nye ƒometɔwo nu, elabena nye hã menyo dɔ me na mi. Azɔ mina dzesim abe kakaɖedzi ene, be miaɖe fofonye kple danye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo ƒe agbe kpe ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu, eye be míaɖe mí tso ku me.” Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie. Míatsɔ míaƒe agbe aʋli mia ta.” Esi Rahab ƒe xɔta kɔ wu dua ƒe gliwo ta la, esa ka legbe aɖe ɖe eƒe fesreti ŋu, eye wòna amedzroawo ɖiɖi to ka la ŋu ɖe anyigba le dua godo. Rahab gblɔ na ŋkutsalawo be, “Misi yi toawo dzi. Minɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo le mia dim la natrɔ agbɔ, ekema miate ŋu atrɔ adzo azɔ.” Ŋutsuawo gblɔ nɛ be, “Atam si nèna míeka fifia la, mabla mí o, negbe ne míege ɖe anyigba la dzi, eye nètsɔ avɔ dzĩ tsi ɖe fesre si nètsɔ mí toe la nu, eye ne mèkplɔ fofowò kple dawò, nɔviwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo katã va wò aƒe me o la, míedze agɔ o. Ne ame aɖe do go le wò aƒe me yi mɔtata dzi la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi, menye míawoe wɔe o. Ke hena ame siwo anɔ wò aƒe me la, amea ƒe ʋu ava míaƒe ta dzi ne míeka asi eŋuti. Ke ne ègblɔ nu si wɔm míele la na ame aɖe la, atam si nèna míeka la, mabla mí o.” Rahab gblɔ na wo bena, “Melɔ̃ ɖe miaƒe ɖoɖo siawo dzi abe ale si miegblɔe ene.” Ale wòɖe asi le wo ŋu woyi. Ke etsi ka dzĩ la ɖe fesreti la ŋu. Ŋkutsalawo yi toawo dzi, eye wonɔ afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime ame siwo nɔ wo yome tim la di wo le afi sia afi le mɔa dzi do kpoe, eye wotrɔ gbɔ va dua me. Ŋkutsala eveawo ɖi tso toawo dzi, eye wotso tɔsisi la. Wogblɔ nya sia nya si dzɔ la na Yosua, Nun ƒe vi. Wogblɔ be, “Kakaɖedzi blibo li bena, Yehowa atsɔ anyigba la katã ana mí, elabena afi ma tɔwo katã le mía vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.”
2-37b4e12d656cad193e2f4ee5c928893e.mp3
Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie, ne menye nenema o la, miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe, eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la, aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu. Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o. Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “Nu kae nye amegbetɔ be nèbua eŋuti, eye nu kae nye Amegbetɔ Vi be nèléa be nɛ? Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ abe fiakuku ene, eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.” Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe naneke le eme o. Gake fifi laa la, medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o. Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la, woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ, elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu. Ɖeko wòle eteƒe be Mawu, ame si wɔ nuwo katã, eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe la gbɔe. Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. Egblɔ be, “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.” Egagblɔ be, “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.” Eye wògagblɔ be, “Nye kple vi siwo Mawu nam la míele afii.” Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me, ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Abosam, eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu. Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem wole kpɔ la ŋu.
31-89b86557a615f33cdf8c79e5c16e80c4.mp3
Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu. Esi akpoxɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã mu dze eƒe yi nu eye wòku kplii. Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi. Esi Israelvi siwo le balime la godo kple esiwo le Yɔdan tɔsisi la godo se be yewo nɔviwo si eye wowu Saul kple via ŋutsuawo la, wosi le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me. Esi ŋu ke eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. Wotsɔ Saul ƒe akpoxɔnu la da ɖe Astarɔt ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ŋutilã ku gli aɖe ŋu le Bet Sean. Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, aʋawɔlawo katã tso du ma me zɔ mɔ to zã blibo la me yi Bet Sean. Woɖe Saul kple viawo ƒe ŋutilã kukuawo le glia ŋu le Bet Sam eye wotsɔ wo va Yabes Gilead hetɔ dzo wo. Woɖi woƒe afi ɖe logoti la te le Yabes eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre.
14-518adb9a333a837f59d7109c04d1a8e3.mp3
Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o. Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo, be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome, eye wòdia Mawu vevie mahã? Wo katã wodze ɖe aga, wo katã tim wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o. Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa? Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame. Mi nu tovo wɔlawo, miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me, gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe. O! Xɔname ado tso Zion na Israel. Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la, na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!
8-10aa3d293ce7f769894fec6cc6fd5eb2.mp3
Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe be nunyalawoe mí katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo ɖo. Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be wòanyae la ene o. Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu hã nyana. Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye, enyo be kristotɔ naɖu nu si woɖa na trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenya kɔtɛe be, “Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li” eye “Legbawo la, womenye naneke kura le xexe sia me o.” Ke ne Mawu bubuwo hã li, le dziƒo alo anyigba (abe ale si “mawu” geɖewo kple “aƒetɔ” geɖewo li ene la), ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe. Ke menye ame sia amee nya esia o. Ame aɖewo la, trɔ̃wo ƒe nuwo ma wo ale gbegbe be ne woɖu nu siawo tɔgbiwo la, wogabuna be trɔ̃woe wotsɔe sa vɔe na, eye esi wònye woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ta la, woƒe dzitsinya bua fɔ wo. Nɔviwo, minyae be nuɖuɖu mewɔnɛ míetena ɖe Mawu ŋu kpokploe o. Nuɖuɖu megblẽa mí ɖe edzi alo wɔnɛ míenyona ɖe edzi o. Ke ɖeko miakpɔ nyuie be miaƒe ablɔɖe ŋuti dɔ wɔwɔ mezu nu kikli na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o. Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me. Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Kristo ku ɖo, gake wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me. Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dzi le ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya ŋu. Eya ta ne to trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nage le xɔse me o.
8-06380c2c9457e02e5d7de653efef85a8.mp3
Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me, elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke. Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame. Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe, esime tsiɖɔɖɔ la ganɔ miemiem ɖe edzi kokoko la, to bubuwo hã tame de asi dzedze me. Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka, eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu. Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã. Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me. Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu. Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ. Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o. Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ. Kɔsiɖa enyi gava yi. Anyigba ƒu azɔ mlɔeba. Tete Mawu gblɔ na Noa be, “Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me. Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” Ale Noa do go kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kple wo srɔ̃awo. Lãawo katã kple nu gbagbe siwo tana kple xevi ɖe sia ɖe kple nu sia nu si ʋãna le anyigba dzi la do go tso aɖakaʋu la me ɖe wo nɔewo yome hamehame. Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo. Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã. Zi ale si anyigba aganɔ anyi ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, vuvɔŋɔli kple fifiawɔɣi, pepime kple dzomeŋɔli, ŋkeke kple zã aganɔ anyi kokoko.”
15-54a604ea93f80cb0a4763f85ccefbae8.mp3
Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe. Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see. Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.” Ke apostolowo kple hamemegãwo ɖe kpɔ hedzro biabia sia me nyuie. Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se. Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene. Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã? Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.” Le nuƒo sia megbe la, ƒuƒoƒe la zi ɖoɖoe, eye nyahehe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnukpɔkpɔ Paulo kple Barnabas be wogblɔ nukunu kple dzesi gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na wo. Esi woƒo nu vɔ la, Yakobo hã tsi tsitre ƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, miɖo tom. Simɔn gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso ame siwo menye Yudatɔwo o dome be woasubɔ ye la na mi. Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be, “ ‘Le nu siawo megbe la, magatrɔ ava, eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la. Magbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo, eye mafɔ wo ɖe tsitre, ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la. Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’ Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke. “Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o. Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ. Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.” Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me. Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si, eye emenyawo yi ale: Mía nɔvi siwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu xɔsetɔwo le Antioxia, Siria kple Kilikia, Mixɔ gbedoname tso. Apostolowo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ. Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ. Ame dɔdɔ eve siawoe nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi. Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe. Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la, woƒo kristotɔwo katã nu ƒu, eye wotsɔ gbedeasi la ɖo woƒe ŋkume. Esi woxlẽ agbalẽ la, eye wose emenyawo la, hame la katã kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse. Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia Hame gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo. [ Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma.] Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu. Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.” Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. Ke Paulo hã kplɔ Silas kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo le afi mawo.
12-7c72ad53549fd973cc02079c77849be3.mp3
Esi wòsusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu. Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Ami la ƒe ʋeʋẽ xɔ aƒe blibo la me. Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si fia Yesu yomemɔ emegbe la kpɔ nu sia la, egblɔ be, “Nu ka ta womedzra amiʋeʋĩ sia hetsɔ ga la na ame dahewo o ɖo?” Eƒe asi wu ƒe ɖeka ƒe fetu. Megblɔ esia ɖe esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo ta o, ke boŋ fiafitɔ wònye; eyae kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi, eye wònɔa ga la fim. Tete Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia be yeadzram ɖo ɖi na nye ɖigbe. Ame dahewo anɔ mia dome ɖaa, ke nyemanɔ mia dome ɖaa o.” Esi Yudatɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie be yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ame kukuwo dome la hã. Eya ta nunɔlagãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã, elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dze Yesu yome, eye woxɔ edzi se ɖo. Esi ŋu ke la, ameha gã si va azã la ɖuƒe la se be Yesu le mɔ dzi gbɔna Yerusalem. Ame geɖe siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. Ale woŋe deʋayawo ɖe asi yina be yewoakpee, eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana!” “Yayratɔe nye ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Yayratɔe nye Israel ƒe fia la!” Yesu kpɔ tedzivi aɖe, eye wònɔ anyi ɖe edzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnuvi. Kpɔ ɖa, wò fia do tedzivi gbɔna!” Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ. Azɔ ameha siwo nɔ eteƒe hafi Yesu yɔ Lazaro be wòado go tso yɔdo me, eye wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la kaka nya la. Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi yi be yewoaɖakpɔe. Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!” Grikitɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekea la dome. Ame siawo va Filipo, ame si tso Betsaida le Galilea la gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, miedi be miakpɔ Yesu.” Filipo hã ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi ɖagblɔe na Yesu. Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de be woakɔ Amegbetɔ Vi la ŋu. Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba, eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi. Gake ne eku la, etsea ku geɖe. Ame si lɔ̃ eƒe agbe la, abui, ke ame si gbe nu le eƒe agbe gbɔ le xexe sia me, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la. “Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu. “Azɔ nye dzi le nu xam, ke nya ka magblɔ? Fofo, ɖem le gaƒoƒo sia mea? Gbeɖe, elabena esia ta meva xexea me ɖo. Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋu.” Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” Esi ameha la se gbe sia la, wogblɔ be dziɖegbee; bubuwo gblɔ be mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ. Yesu gblɔ be, “Miawo ta gbe sia ɖi ɖo, menye tanye o. Gaƒoƒo la de be woadrɔ̃ ʋɔnu xexea me; azɔ la, woanya xexe sia me ƒe fia la. Gake nye la, ne wokɔm ɖa tso anyigba la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” Egblɔ nya sia be yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yeala. Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o. Mixɔ kekeli la dzi se esi wòle mia gbɔ, be miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome ɖaɣla eɖokui. Togbɔ be Yesu wɔ nukunu siawo le wo dome hã la, womexɔ edzi se o. Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se? Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?” Susu sia ta womexɔ edzi se o ɖo, elabena Yesaya gagblɔ be, “Mawu gbã woƒe ŋkuwo, eye wòna be woƒe dziwo ku atri, be womagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, alo ase nu gɔme kple woƒe dziwo o, alo atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòada gbe le wo ŋu o.” Yesaya gblɔ esia, elabena ekpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eŋu. Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me, elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu. Yesu do ɣli gblɔ be, “Ne ame aɖe xɔ dzinye se la, menye nye ɖeka dzi wòxɔ se o, ke boŋ ame si dɔm la hã. Elabena ne ekpɔm la, ekpɔ ame si dɔm la hã. Nye la, meva xexea me abe kekeli ene, be ame si xɔ dzinye se la manɔ viviti me o. “Ke ame si se nye nyawo, gake mewɔ ɖe wo dzi o la, nyemadrɔ̃ ʋɔnui o. Elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea me o, ke boŋ be maɖe xexea me. Ʋɔnudrɔ̃la aɖe li si adrɔ̃ ʋɔnu ame si gbe nu le gbɔnye, eye mexɔ nye nyawo o; nya siwo megblɔ la, woawoe woatsɔ abu fɔ woe le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm la ƒe nya siwo katã wògblɔ nam be magblɔ lae. Menya be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Eya ta megblɔa nya si Fofo la gblɔ nam be magblɔ la.”
5-80517e2f8be7141622f58345934dd4f5.mp3
Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: legba la gadze anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ke azɔ ya la, eƒe asiwo kple eƒe ta lã ɖa le eŋu eye wònɔ mɔnu. Ale legba la tsi anyi kponogo. Le esia ta, va se ɖe egbe la, Dagon nunɔlawo kple esubɔlawo megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod o. Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo. Esi ameawo dze si nu si de asi dzɔdzɔ ɖe wo dzi la, wodo ɣli be, “Míagate ŋu ana Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la naganɔ afi sia o, elabena eƒe asi sẽ ɖe míawo ŋutɔ kple míaƒe mawu Dagon siaa dzi.” Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa. Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe. Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.” Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me. Ame siwo meku haɖe o la nɔ dɔ lém kutɔkutɔe, ale du la ƒe avifafa de dzi.
8-c95181a2d670c91a3fec765b42a0b53a.mp3
Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu si no danye ƒe no la ene! Ekema ne medo go wò le kpɔdome la, magbugbɔ nu na wò, eye ame aɖeke mado vlom o. Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye, ame si fia num la ƒe aƒe me. Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno. Eƒe miabɔ le nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam. Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi: migaʋuʋu alo mianyɔ lɔlɔ̃ o, va se ɖe esi eya ŋutɔ nalɔ̃ hafi. Ame kae nye esi gbɔna tso gbegbe, eye wòziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Menyɔ wò le apluti te; afi mae dawò fɔ wò fu le, afi mae ame si le ku lém la dzi wò ɖo. Lém ɖe wò dzi kple wò abɔ ŋuti abe nutrenu ene. Elabena lɔlɔ̃ sesẽ wu ku, eye ŋuʋaʋã gbea tanana abe yɔdo ene. Ebina abe dzo ene, eye wòflana abe Yehowa ƒe dzo ene. Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ ƒe dzo o, eye tɔsisi aɖeke mate ŋu akplɔe dzoe o. Ne ame aɖe atsɔ eƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, anye alɔmeɖenu wòawɔ. Nɔvinyɔnu ɖetugbivi aɖe le mía si mekpɔ te no haɖe o. Nu ka míawɔ na mía nɔvinyɔnu la gbe si gbe woava bia eta? Nenye glie wònye la, míatsɔ klosalo atu xɔ tsrala ɖe edzi. Nenye agboe wònye la, míatsɔ sedaʋuƒowo aklã ɖe eŋuti godoo. Menye gli, eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene. Ale mele eƒe ŋkume abe ame si tsɔ dzidzeme vɛ la ene. Waingble le Solomo si le Baal Hamon; eye wòtsɔ agble la de asi na agbledzikpɔlawo, be wo dometɔ ɖe sia ɖe nana klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã ɖe waintsetseawo ta. Nye ŋutɔ nye waingble le asinye be matsɔ ana; O Solomo, klosalo kilogram wuiɖekɛ kple afã la nye tɔwò, eye kilogram eve kple afã nye agbledzikpɔlawo tɔ. Wò ame si le abɔwo me, eye xɔlɔ̃wo ƒo xlã wò, na mase wò gbe! Nye lɔlɔ̃tɔ, si va, eye nànɔ abe sãde alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene.
7-10ffc26dd87c45ec603ee11a79e51794.mp3
Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu Aron abe wò nyagblɔɖila ene. Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte. Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyigba dzi. Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi. Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo. Mose xɔ ƒe blaenyi, eye Aron xɔ ƒe blaenyi-vɔ-etɔ̃ le ɣeyiɣi sia me, esi wodo ɖe Farao ŋkume. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Ne Farao abia be, ‘Miawɔ nukunu aɖe la,’ ekema gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ la da ɖe anyigba le Farao ŋkume,’ eye wòatrɔ azu da.” Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da. Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ! Woawo hã ƒe atikplɔwo trɔ zu dawo esi wotsɔ wo da ɖe anyigba. Ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. Farao gasẽ dzi me kokoko, eye meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔ do ŋgɔe ene. Yehowa gblɔ na Mose be, “Farao ƒe dzi me sẽ, eye wògbe be yemaɖe asi le ameawo ŋu woadzo o. “Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi. Gblɔ nɛ be, ‘Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gaɖom ɖa be mana nàɖe asi le yeƒe amewo ŋu woayi aɖasubɔ ye le gbedzi.’ Gake va se ɖe fifi meɖo tom o. Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu! Tɔmelãwo aku, eye tsi la aʋẽ ale be Egiptetɔwo magalɔ̃ be yewoanoe o.’ ” Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ” Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume. Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi. Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu. Mose kple Aron ƒe wɔnawo mewɔ dɔ aɖeke ɖe edzi o; etrɔ yi eƒe fiasã me. Egiptetɔwo ɖe vudowo ɖe tɔsisi la to be yewoakpɔ tsi nono, elabena womate ŋu ano tɔsisi la me tsi o. Nil tɔsisi la trɔ zu ʋu ŋkeke adre sɔŋ esi Yehowa gblẽe.
6-201a185d9dba62949dc78aff14bae208.mp3
Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea? Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa? Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me. Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o. Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me. Azɔ ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe kplii hã. Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o. Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me. Eya ta migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro vɔ̃wo dzi o. Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene. Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te. Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe! Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã? Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la. Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo. Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye. Elabena esime mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã la, mienɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔkplɔ te o. Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me! Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ. Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.
122-e4f5c11cf557e1fe30cf05d63ad0bc30.mp3
Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.” O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu. Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene. Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu. Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo. Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie. Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.” Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.” Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.
5-cf1b45c0d5b3f0946802082f53a0b69a.mp3
Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o. Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o. Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi. Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi. Elabena to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, míele mɔ kpɔm vevie na dzɔdzɔenyenye la le xɔse me. Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me. Mienɔ du ƒum nyuie hafi. Ke ame kae va flu mi, eye wòxe mɔ na mi be miagaɖo to nyateƒe la o? Menye ame si yɔ mi lae ƒo nya sia ɖe mia nu o. “Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna.” Mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ la me be miabu nu bubu aɖeke ŋuti o. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum hã la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ. Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa. Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo. Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me. Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o. Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o. Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o. Ke ŋutilã ƒe nudzodzrowo dze ƒãa. Woawoe nye: matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo, ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o. Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti. Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te. Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o.
123-a111a3b268c54d8ea2567c87349c3236.mp3
Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo. Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la, nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí. O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi. Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.
30-03cb58993a2a14a2e730fc34750324f5.mp3
Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi. Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi. “Ne nyɔnu aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo yemawɔ nane o, eye fofoa nya nu tso ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la kple tohehe siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe la ŋuti ŋu, gake megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be ɖetugbi la nawɔ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o, alo wòbu be tohehe si dzi wòlɔ̃ ɖo sesẽ akpa la, ekema ɖetugbi la ƒe adzɔgbeɖeɖe la megablae o. Ne fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema ele nɛ be wòaɖe gbeƒã nenema le gbe si gbe wònya nu le adzɔgbeɖeɖe la ŋu; ekema Yehowa atsɔe ake ɖetugbi la, elabena fofoa melɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o. “Ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe alo do ŋugbe dzodzro aɖe hafi va ɖe srɔ̃ la, ne srɔ̃ŋutsu la se nya la, eye megblɔ nya aɖeke tso eŋu le gbe si gbe wòse nu tso eŋuti dzi o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne srɔ̃ŋutsu la gbe be yemelɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. “Ke ne nyɔnu la zu ahosi alo eya kple srɔ̃a dome klã la, ekema ele nɛ be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. “Ne srɔ̃nyɔnu aɖe le srɔ̃a ƒe aƒe me, eye wòɖe adzɔgbe, ne srɔ̃ŋutsu la se nu tso srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖe la ŋu, eye megblɔ nya aɖeke o la, ekema ele be nyɔnu la nawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi kokoko. Ke ne ŋutsu la gblɔ le ŋkeke gbãtɔ si wòse nu tso adzɔgbeɖeɖe la ŋu be yemelɔ̃ ɖe edzi o la, ekema adzɔgbeɖeɖe la megabla nyɔnu la o, eye Yehowa atsɔe akee. Ale srɔ̃ŋutsu ate ŋu alɔ̃ adzɔgbeɖeɖe la nabla srɔ̃a loo alo agbe, eye adzɔgbeɖeɖe la mabla srɔ̃a o. Ke ne ŋutsu la megblɔ nya aɖeke o, eye ŋkeke ɖeka va yi la, ekema elɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖe la dzi. Ne srɔ̃ŋutsu la lala ŋkeke ɖeka va yi hafi wòva gbe be yemelɔ̃ ɖe ye srɔ̃ ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la, ekema tohehe ka ke dzi nyɔnu la lɔ̃ ɖo be wòava ye dzi ne yemewɔ ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o la ava ŋutsu la boŋ dzi, elabena eyae meɖe mɔ na nyɔnu la be wòawɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi o.” Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose tso ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome nanɔ kple ale si fofo kple vinyɔnu dome nanɔ la ŋu.
16-ed31778b2396f563ef8734452d93216b.mp3
“Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me. Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe la. Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo abolo si mieɖu esi mienɔ sisim tso Egipte la dzi ene. Esia naɖo ŋku edzi na wò be, esi mienɔ sisim le Egipte la, mienɔ kplakplakpla dzi ale gbegbe be, ɣeyiɣi menɔ anyi be abolo naʋã o. Ɖo ŋku ŋkeke ma dzi le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me! Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. “Mègaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le du siwo Yehowa, wò Mawu la ana wò la dometɔ aɖeke me o, ke boŋ nàɖui le teƒe si Yehowa wò Mawu atia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Tsɔ lã la sa vɔe le afi ma le ŋkekenyui la ƒe fiẽ me ne ɣe ɖo to. Me lã la, eye nàɖui le afi si Yehowa wò Mawu atia na wò. Ɖo ta aƒe me le fɔŋli. Le ŋkeke ade siwo adze eyome me la, màɖu abolo ʋaʋã aɖeke o, ke le ŋkeke adrelia gbe la, du sia du me tɔwo akpe ta ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Mègawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.” “Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la, àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu. Enye ɣeyiɣi si dzi nàtso aseye le, le Yehowa wò Mawu ŋkume kple wò ƒometɔwo kple wò dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo. Mègaŋlɔ Levitɔwo, amedzrowo, ahosiwo kple tsyɔ̃evi siwo le mia dome la be o. Kpe wo be woava ɖu ŋkekenyui la kpli wò le kɔkɔeƒe la. Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eya ta kpɔ be yewɔ se sia dzi.” Ne nuŋeɣi wu nu la, àgaɖu ŋkekenyui bubu si nye Agbadɔmeŋkekenyui, ŋkeke adre sɔŋ, ne èklẽ wò bli, eye nèfia wò wain vɔ. Esia anye dzidzɔɣi kple aseyetsoŋkekenyui na wò kple wò ƒometɔwo kple wò subɔlawo siaa. Ɖo ŋku edzi nàkpe Levitɔwo, amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò du me. Ɖu ŋkekenyui sia le kɔkɔeƒe, afi si dzi Yehowa wò Mawu atɔ asii. Enye ɣeyiɣi vevi aɖe si dzi wòle be nàda akpe tɔxɛ na Yehowa, ɖe ale si wòyra wò le nuku siwo nèxa kple ale si wòyra wò le mɔ bubu geɖewo nu la ta. Ele be wòanye aseyetsoŋkekenyui gã aɖe. Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Na nu abe ale si nàte ŋui ene le ale si Yehowa miaƒe Mawu yra wòe la nu. Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me. Mègatrɔ ʋɔnunya aɖeke be wòade hotsuitɔ aɖeke dzi o, eye mègaxɔ zãnu hã gbeɖegbeɖe o, elabena zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kekeake gɔ̃ hã, eye wògblẽa woƒe afiatsotso. Ele be nàkpɔ egbɔ be wolé nya dzɔdzɔe ko ɖe te. Mɔ sia nu ko nàto hafi akpɔ dzidzedze le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Mègaɖi aƒeli aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa, wò Mawu la ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, aɖi gbɔ̃e gbeɖegbeɖe o, eye mègali aƒeli aɖeke hã o, elabena Yehowa miaƒe Mawu lé fu wo.
22-b2f74f11f6205404440c8170300158ae.mp3
Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be, “Ɖe ame anye viɖenu na Mawua? Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa? Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe? Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o? “Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò hetsɔ nya ɖe ŋuwòa? Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa? Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa? Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama. Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo, evɔ nèhenye ŋusẽtɔ, anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi, bubu le ŋuwò. Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa. Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo. “Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa? Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya? Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea? Lilikpo dodowo xe eŋkume eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’ Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia? Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe. Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’ Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede. Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo, ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be, ‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’ “Tsɔ ɖokuiwò na Mawu eye nànɔ ŋutifafa me kplii, to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi. Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te. Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ, eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me, tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la, ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika kple klosalo nyuitɔ. Ekema le nyateƒe me la, Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu. Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ. Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi. Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi. Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã, ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”
10-cdf449724ca8b6f0a88e513df22607fe.mp3
Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o, eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku le Yehowa ŋkume. Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo. Mose yɔ Misael kple Elzafan, wo tɔɖia Uziel ƒe viŋutsuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi miakɔ mia nɔviwo ƒe ŋutilã fiafiawo tso Agbadɔ la ŋkume yi ɖada ɖe asaɖa la godo.” Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene. Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve, Eleaza kple Itamar be, “Migafa ame kukuawo o, eye migagblẽ miaƒe ɖa ɖi mavumavui abe konyifafa ƒe dzesi ene o; migadze miaƒe awuwo hã o. Ne miewɔ nu siawo la, eƒe dziku abi ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu. Ke Israelvi bubuawo ya ate ŋu afa avi na Nadab kple Abihu le dzo dziŋɔ si Yehowa ɖo ɖa la ta. Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi. Yehowa gblɔ na Aron bena, “Wò kple viwò ŋutsuwo, migano wain alo aha muame aɖeke ne miele Mawu ƒe Agbadɔ me yi ge o. Ne mienoe la, miaku. Esia nye ɖoɖo mavɔ hena dzidzime siwo gbɔna. Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome, eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.” Mose gblɔ na Aron kple Via ŋutsu eve siwo susɔ, Eleaza kple Itamar be, “Mitsɔ nuɖuvɔsa si susɔ esi woɖe wɔ asiʋlo ɖeka le eŋu na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi; miakpɔ egbɔ be amɔʋãtike mele eme o, eye miaɖui le vɔsamlekpui la gbɔ. Vɔsa sia nye nu kɔkɔe, eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam. Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me. “Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.” Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu. Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome? Zi ale si wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la o la, ɖe wòle be miaɖui le afi ma abe ale si meɖo na mi ene hafi.” Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?” Esi Mose se nya siawo la, eƒe dzi dze eme.
4-71312d3bdc1d5a12365dc26ce101d35b.mp3
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me. Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã. Mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me ɣe sia ɣi. Megale egblɔm ake be, “Dzi nedzɔ mi!” Mina ame sia ame nade dzesi miaƒe tufafa. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo. Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu. Eye Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo nugɔmesesewo katã ta la adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe susuwo ŋu le Kristo Yesu me. Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu. Miwɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye alo miexɔ tso gbɔnye alo miese tso gbɔnye, alo kpɔ le menye la, eye Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mi. Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o. Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye. Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o, alo ne nu geɖe le asinye hã. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ geɖe me alo le hiã me. Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me. Ke hã la, miewɔe nyuie be mienaa kpekpeɖeŋum le nye fukpekpewo me. Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko. Esi menɔ hiahiã me le Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi geɖe. Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi. Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu. Eye nye Mawu ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔekesinɔnuwo me, le Kristo Yesu me. Ŋutikɔkɔe woana mía Mawu Fofo la, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen. Medo gbe na ame kɔkɔewo le Yesu Kristo me. Nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi. Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo.
3-45886b852e188506414297d73dfae617.mp3
Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvu ayi le nye amewo ŋu ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti. Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.” Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta. Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti. Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o; viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o. Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi. Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.” Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃. Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe. Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi. Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.” Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.
10-d1d5773d5fe51f8dcb6e28b7d5337eab.mp3
Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la, vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe, elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye aʋawɔla sesẽwo, eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir. Fia Adoni Zedek gblɔ na wo be, “Miva kpe ɖe ŋunye míatsrɔ̃ Gibeontɔwo, elabena wowɔ ŋutifafa kple Yosua kple Israelviwo.” Ale Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃ siawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo katã ɖekae be yewoaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu. Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua le Gilgal enumake be, “Miva kpe ɖe miaƒe subɔlawo ŋu! Miva kaba ne miava ɖe mí! Amoritɔwo ƒe fiawo katã tso woƒe nɔƒewo le toawo dzi va le mía gbɔ kple woƒe aʋakɔwo.” Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la ho tso Gilgal, eye woyi be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ wo o, elabena mieɖu wo dzi xoxo! Metsɔ wo na mi be miatsrɔ̃ wo, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o.” Yosua kple Israelviwo ƒe aʋakɔ la zɔ mɔ zã blibo la tso Gilgal, eye woɖi ɖe futɔwo dzi kpoyi. Tete Yehowa na futɔwo vɔ̃ eye wotɔtɔ, ale Israelviwo wu ame geɖewo le Gibeon, eye wonya ame mamlɛawo, nɔ wo wum le mɔa dzi yi keke Bet Horon kple Azeka kple Makeda. Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi. Esime Israelviwo nɔ Amoritɔwo nyam, nɔ wo wum la, Yosua do gbe ɖa na Yehowa kple gbe sesẽ be, “Na ɣe natɔ ɖe Gibeon tame, eye nàna ɣleti hã natɔ ɖe Aiyalon balime tame!” Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene! Ŋkeke sia tɔgbi meva yi kpɔ o, eye etɔgbi megava kpɔ o tso gbe ma gbe, esi Yehowa tɔ ɣe kple ɣleti le ame ɖeka ƒe gbedodoɖa ta. Ke Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel. Le esia megbe la, Israelviwo ƒe aʋakɔ la trɔ yi Gilgal. Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo si le aʋa la me yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agado aɖe me le Makeda. Esime wona nyanya Yosua be wokpɔ fiawo la, eɖe gbe be woamli kpe gã aɖe axe agado la nu, eye woana dzɔlawo nanɔ afi ma akpɔ egbɔ be fiawo tsi agado la me. Yosua ɖe gbe na aʋakɔ la be, “Minɔ futɔwo nyanya dzi, eye miawu wo tso megbe; migana woade woƒe duwo me o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akpe ɖe mia ŋu miatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.” Ale Yosua kple Israelʋakɔ la yi futɔwo wuwu dzi. Wotsrɔ̃ aʋakɔ atɔ̃awo katã negbe ame ʋɛ aɖewo koe te ŋu ɖo woƒe du siwo woɖo gli ƒo xlã la me. Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o. Yosua ɖe gbe be woaɖe kpe gã la ɖa le agado la nu, eye woakplɔ fia atɔ̃awo vɛ. Ale woʋu agado la, eye wokplɔ Yerusalem, Hebron, Yarmut, Lakis kple Eglon fiawo vɛ. Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo. Yosua gblɔ na Israelviwo be, “Migavɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Ŋusẽ nenɔ mia ŋu, eye mialé dzi ɖe ƒo, elabena Yehowa awɔ miaƒe futɔwo katã alea.” Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ. Esime ɣe nɔ to ɖom la, Yosua na woɖe wo le atiawo ŋu, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wosi yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖo la me, eye woli kɔ kpe gãwo ɖe agado la nu. Kpe siawo gale afi ma va se ɖe egbe. Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o. Tso afi sia la, Israelviwo yi Libna. Yehowa tsɔ du la kple fia la de asi na Israel le afi sia hã; wowu ame sia ame le dua me abe ale si wowɔ le Yeriko ene. Israelviwo tso Libna, eye woyi ɖadze Lakis du la hã dzi. Yehowa tsɔ du sia hã na Israel le ŋkeke evelia dzi. Wowu ame sia ame le afi sia hã abe ale si wowɔ le Libna ene. Esime Israelviwo nɔ aʋa wɔm le Lakis la, Gezer fia Horan va do kple eƒe aʋakɔ be yeaʋli Lakis du la ta. Ke Yosua ƒe amewo wui, eye wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ blibo la. Yosua kple Israel katã dzo le Lakis heyi Eglon. Woɖe to ɖe du sia, eye woho aʋa ɖe eŋu. Woxɔ du sia hã gbe ma gbe ke, eye wowu ame sia ame abe ale si wowu Lakistɔwo katã ene. Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron. Woxɔ du sia kple du sue siwo ƒo xlãe, eye wowu ameawo katã kple woƒe fia; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe o. Wotrɔ azɔ yi Debir. Woɖu Debirtɔwo dzi enumake, wu ame sia ame abe ale si wowɔ le Libna ene. Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ la woɖu anyigba blibo la dzi; woɖu dukɔ siwo nɔ toawo dzi, esiwo nɔ anyigba sɔsɔe dzi kple esiwo nɔ toawo ŋu la dzi. Wowu ame sia ame le anyigba la dzi, abe ale si Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖo na wo be woawɔ ene. Wowu wo tso Kades Barnea yi Gaza, tso Gosen yi Gibeon. Wowɔ nu siawo katã le aʋadzedze ɖeka pɛ ko me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la nɔ aʋa wɔm na wo. Le dziɖuɖu siawo megbe la, Yosua kple Israel blibo la trɔ yi asaɖa la me le Gilgal.
36-da661397dd86c8fadbda94fde776532d.mp3
Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, “Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gbegblẽ siwo katã meɖo be mahe va wo dzii la, wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple nu vɔ̃ ake wo.” Tete Yeremia yɔ Neria ƒe vi, Baruk eye esi Yeremia le nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ la gblɔm la Baruk ŋlɔ wo katã ɖe lãgbalẽ la dzi. Yeremia gblɔ na Baruk be, “Mele ga me eya ta nyemate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Eya ta wò, yi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me le nutsitsidɔ ŋkeke aɖe dzi eye nàxlẽ Yehowa ƒe nya siwo megblɔ na wò nèŋlɔ la na wo. Xlẽe na Yudatɔ siwo katã tso woƒe du vovovowo me va. Ɖewohĩ woabɔbɔ wo ɖokui kple kokoƒoƒo le Yehowa ŋkume eye woatrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi elabena dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ si Yehowa gblɔ ɖi tso ame siawo ŋuti la lolo ŋutɔ.” Neria ƒe vi, Baruk wɔ nu siwo katã Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ nɛ be wòawɔ. Le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la, exlẽ Yehowa ƒe nya na wo tso lãgbalẽ la me. Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekɛlia me la, woɖe gbeƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋkume na Yerusalemtɔwo kple ame siwo katã tso Yuda ƒe duwo me va. Tso Safan ƒe vi, Gemaria, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le xɔxɔnu dzigbetɔ si le gbedoxɔ ƒe Agboyeyea nu me la, Baruk xlẽ Yeremia ƒe nya siwo le lãgbalẽ la dzi la na ame siwo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Esi Mikaya, Gemaria ƒe vi, Safan ƒe vi la se Yehowa ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe lãgbalẽ la dzi la, eɖiɖi yi ɖe agbalẽŋlɔla ƒe xɔ si le fiasã me la me, afi si dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me le. Woawoe nye: nuŋlɔla, Elisama, Delaya; Semaya ƒe vi, Elnatan, Akbor ƒe vi; Gemaria, Safan ƒe vi; Zedekia, Hananiya ƒe vi kple dumegã bubuwo katã. Esi Mikaya gblɔ nu siwo katã Baruk xlẽ na ameawo tso lãgbalẽ la me la, dumegãwo katã dɔ Yehudi, Netania ƒe vi, Selemia ƒe vi, Kusi ƒe vi ɖo ɖe Baruk be woagblɔ nɛ be, “Tsɔ lãgbalẽ si me nèxlẽ nu le na dukɔ la, ne nàva.” Tete Neria ƒe vi, Baruk, yi wo gbɔ kple lãgbalẽ la. Wogblɔ nɛ be, “Míeɖe kuku nɔ anyi, ne nàxlẽe na mí.” Tete Baruk xlẽe na wo. Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.” Tete wobia Baruk be, “Gblɔe na mi, aleke nèwɔ ŋlɔ nu siawo? Yeremiae gblɔ wo na wòa?” Baruk ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eyae gblɔ nya siawo katã nam eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔe ɖe lãgbalẽ la dzi.” Dumegãwo gblɔ na Baruk be, “Wò kple Yeremia, miyi miaɣla mia ɖokui. Migana ame aɖeke nanya afi si miele o.” Esi wotsɔ lãgbalẽ la da ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɔ la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu eye wogblɔ nya ɖe sia ɖe nɛ. Fia la dɔ Yehudi be wòaɖatsɔ lãgbalẽ la vɛ. Yehudi yi ɖatsɔe le agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me eye wòxlẽe na fia la kple eƒe dumegã siwo katã le tsitre ɖe exa. Enye ɣleti asiekɛlia eye fia la nɔ anyi ɖe eƒe vuvɔŋɔlixɔ me eye wodo dzo ɖe ze me da ɖe eƒe akɔme. Ne Yehudi xlẽ lãgbalẽ la fli etɔ̃ alo ene ko la, fia la tsɔa agbalẽŋlɔlawo ƒe hɛ lãnɛ ɖa hetsɔna ƒua gbe ɖe dzo si le ekɔme la me. Ewɔe alea va se ɖe esime wòtsɔ lãgbalẽ la katã de dzo me. Fia la kple eŋutime siwo katã se agbalẽ la me nyawo la meɖe vɔvɔ̃ aɖeke fia alo dze awu le wo ɖokuiwo ŋuti o. Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemaria ƒoe ɖe fia la nu be megade lãgbalẽ la dzo me o hã la, edo toku wo. Le esia teƒe boŋ la, fia la ɖe gbe be Yerameel, via ŋutsuwo dometɔ ɖeka, Seraya, Azriel ƒe vi kple Selemia, Abdeel ƒe vi, woayi aɖalé Baruk, agbalẽŋlɔla kple Yeremia, nyagblɔɖila la vɛ, ke Yehowa tsɔ wo ɣla. Esi fia la tɔ dzo lãgbalẽ si dzi Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yeremia gblɔ nɛ ɖo la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia be: “Tsɔ lãgbalẽ bubu, eye nàŋlɔ nya siwo katã nɔ gbãtɔ dzi la ɖe edzi, nya siwo ke Yuda fia Yehoyakim tɔ dzoe. Gawu la, gblɔ na Yuda fia Yehoyakim be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ètɔ dzo lãgbalẽ ma, hegblɔ be, “Nu ka ta nèŋlɔ ɖe edzi be Babilonia fia ava kokoko agblẽ anyigba sia eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le edzi?” Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me. Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo katã le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta. Mahe gbegblẽ ɖe sia ɖe si megblɔ ɖi la va wo, ame siwo le Yerusalem kple Yudatɔwo dzii, elabena womeɖo to o.’ ” Ale Yeremia tsɔ lãgbalẽ bubu na Neria ƒe vi, Baruk, agbalẽŋlɔla la, eye esi Yeremia le nyawo gblɔm la, Baruk ŋlɔ nya siwo katã Yuda fia, Yehoyakim tɔ dzoe le gbãtɔ dzi la ɖe edzi. Wotsɔ nya siwo le abe gbãtɔ ene la kpe ɖe nyawo ŋuti.
24-a9630d94ba865e88f3b2a89f8fe4e328.mp3
“Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae. Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la, srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.” “Se meɖe mɔ be woaxɔ wɔtute abe awɔbanu ene o, elabena eyae nye dɔwɔnu si naa nuɖuɖu ame si tɔ wònye. Ne ame aɖe fi nɔvia Israelvi, eye wòwɔe eƒe kluvi alo dzrae la, ele be amefila la naku ale be nu vɔ̃ naɖe ɖa le mia dome. “Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo. Ɖo ŋku nu si Yehowa, wò Mawu la wɔ Miriam esi miegbɔna tso Egipte la dzi. “Ne èɣe nane na ame aɖe la, mèkpɔ mɔ nàyi eƒe aƒe me be yeaxɔ awɔbanu aɖeke o. Nɔ aƒea godo! Na ame si nèɣe nu la na la ŋutɔ natsɔ awɔbanu la vɛ na wò. Ne amea da ahe, eye wòtsɔ eƒe avɔ na wò abe awɔbanu ene la, mele be nàtsyɔ avɔ la amlɔ anyie o. Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò. “Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o. Xe eƒe fetu nɛ gbe sia gbe hafi ɣe naɖo to, elabena esi wòda ahe ta la, ehiã fetu la enumake. Ne mèxee nɛ enumake o la, afa konyi tso ŋuwò, eye Yehowa abui nu vɔ̃e na wò.” “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta. “Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o. Ɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi, eya tae mede se sia na mi. Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò. Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo. Ɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egipte kpɔ, eya tae mele se sia dem na mi.”
2-c736731f5ecb171826efef726dbaa7ba.mp3
Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.” Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?” Medo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la, eye megblɔ na fia la be, “Ne edze fia la ŋu, eye nève wò dɔla nu la, ekema dɔm ɖe Yuda ƒe du me, afi si woɖi fofonyewo ɖo ne magbugbɔ du la atu.” Emegbe fia la, ame si ƒe axadzi fiasrɔ̃ la nɔ anyi ɖo la biam be, “Ŋkeke nenie nèle mɔ zɔ ge, eye gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?” Edze fia la ŋu be wòadɔm, eya ta meɖo ŋkeke nɛ. Megabia nu bubu hã fia la be, “Ne edze ŋuwò la, ekema meɖe kuku be nàŋlɔ agbalẽ ade asinye na mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, eye nàbia tso wo si be woaɖe mɔ nam mato woƒe dukɔwo me ayi Yudanyigba dzi dedie. Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi. Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye. Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo. Meyi Yerusalem, eye esi menɔ dua me ŋkeke etɔ̃ la, mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko. Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa. Emegbe la, míeyi ŋgɔ heva Vudogbo la kple fia ƒe ta la gbɔ, gake teƒea mekeke na lã si dom menɔ la be wòato ayi ŋgɔ o, eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me. Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o. Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!” Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme. Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?” Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”
6-ff6f78cad2ef105aeeda964b86b73699.mp3
“Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o. “Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o, ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi. “Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo. Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔ me nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o la, ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò. Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe trɔ̃subɔlawo ene o, elabena wobuna be yewoaxɔ yewoƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta. Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiã mi la gɔ̃ hafi miebianɛ. “Ale si miado gbe ɖae nye esi: “ ‘Mía Fofo si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene. Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi. Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ kea, ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene. Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me.’ Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti la ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake miawo hã. Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o. “Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo. Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene, ale be ame aɖeke maganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o, gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔna le bebeme la axe fe na mi. “Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefia nu le la o, ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le, eye fiafitɔwo megbãa ʋɔ hefia nu le la o. Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ. “Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, àyɔ fũu kple viviti. Ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, aleke gbegbe viviti la asẽ ŋui! “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o. “Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa; womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Ɖe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa? Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? “Ekema nu ka ŋuti mietsia dzi ɖe nutata ŋu ɖo? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o. Ke mele egblɔm na mi be Solomo, ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo? Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu ka míata?’ o. Elabena trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo la nya miaƒe hiahiãwo katã. Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.
32-02757122c823aa949cdf4011f3297fef.mp3
Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi. Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o, eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o. Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee mele ene. Sela Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o. Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela Mafia nu wò, eye mafia mɔ si nàto la wò. Maxlɔ̃ nu wò, eye makpɔ tawò. Mèganɔ abe sɔ alo tedzisɔ siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o, elabena ele be woade ka kple numega nu me na wo hafi amla wo, ne menye nenema o la, womate ŋu ate ɖe ŋuwò o. Ame vɔ̃ɖiwo kpea fu geɖe, ke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒoa xlã ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu la. Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!
3-e9561206ca20744ca74e88a999f1a504.mp3
Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu. Le ɣe ma ɣi la, Israel saa vɔ le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o. Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye wòzɔ ɖe fofoa, Fia David ƒe ɖoɖowo katã nu negbe ale si wòyi vɔwo sasa kple dzudzɔdodo dzi le toawo dzi ko. Vɔsamlekpui siwo nɔ toawo dzi la dometɔ xɔŋkɔtɔe nye esi nɔ Gibeon; Fia la yi afi ma eye wòsa numevɔ akpe ɖeka! Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me eye wògblɔ nɛ be, “Bia nu sia nu si dze ŋuwò la eye matsɔe ana wò!” Solomo ɖo eŋu be, “Èwɔ dɔmenyo gã na wò dɔla, fofonye, David elabena eɖi anukware na wò. Ewɔ nu dzɔdzɔe eye eƒe dzi to mɔ ɖeka. Èyi edzi, ɖe amenuveve gã sia fiae eye nèna viŋutsue be wòanɔ eƒe fiazikpui dzi egbea. “Azɔ la, Oo Yehowa, nye Mawu, èɖo wò dɔla fiae ɖe fofonye, David teƒe, ke nye la, ɖevi sue ko menye, nyemenya ale si mawɔ nye dɔdeasiwoe o. Azɔ la, wò dɔla le afii, le wò ame tiatiawo dome, dukɔ si lolo eye ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽ wo o. Na dzi nyanu wò dɔla ale be wòate ŋu aɖu wò dukɔ dzi eye wòade vovototo nyui kple vɔ̃ dome elabena ame kae ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?” Edzɔ dzi na Aƒetɔ la be Solomo bia nu sia eya ta Mawu gblɔ nɛ be, “Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo wò futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la, mawɔ nu si nèbia la na wò. Mana dzi nyanu kple dzi si sea nu gɔme la wò ale be tɔwò tɔgbi aɖeke manɔ anyi fifia loo alo akpɔ gbeɖe o. Gawu la, matsɔ nu si mèbia o la hã akpee na wò, kesinɔnuwo kple bubu siaa, ale be le wò agbemeŋkekewo katã me la, fia aɖeke masɔ kpli wò o eye ne èzɔ le nye mɔwo dzi, nèwɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe ale si fofowò, David wɔ ene la, mana agbe didi wò.” Solomo nyɔ eye wòdze sii be drɔ̃e yeku. Etrɔ va Yerusalem eye wòva tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, sa numevɔ kple akpedavɔ eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na eŋumewo katã. Gbe ɖeka la, ɖetugbi eve siwo nye gbolowo la tsɔ nya aɖe va fia la gbɔ be wòatso eme na yewo. Ɖeka gblɔ be, “Nye aƒetɔ, nye kple nyɔnu sia míele aƒe ɖeka me. Medzi vi esime wònɔ afi ma kplim. Esi medzi vi ŋkeke etɔ̃ megbe la, nyɔnu sia hã dzi vi. Mí ame evea koe nɔ aƒea me. “Ke le zã me la, emlɔ anyi, mli ɖamlɔ via dzi eye ɖevia ku. Efɔ zã ma me dzaa va tsɔ vinye le gbɔnye esi menɔ alɔ̃ dɔm. Etsɔ via kukua de nye abɔwo dome eye wòtsɔ tɔnye yi ɖamlɔ eɖokui gbɔ. Esi ŋu be yeake eye mebe mana no vidzĩa la, mekpɔ be eku! Melé ŋku ɖe eŋu nyuie eye medze sii be menye vinyee o.” Nyɔnu evelia hã gblɔ be, “Etɔ tututue nye vidzĩ kuku la eye tɔnyee nye esi le agbe.” Nyɔnu gbãtɔ be, “Ao, vidzĩ kuku lae nye tɔwò eye agbagbeae nye tɔnye.” Ale wohe nya sia le fia la ŋkume. Fia la gblɔ be, “Ame si gblɔ be, ‘Vinyee nye agbagbea, eye viwòe nye kukua,’ eye ame keme be, ‘Ao! Viwòe nye kukua eye vinyee nye agbagbea.’ ” Azɔ fia la gblɔ be, “Enyo, mitsɔ yi vɛ nam” Ale wotsɔ yi vɛ na fia la. Fia la na gbe hegblɔ be, “Mima ɖevi gbagbe la ɖe akpa eve me eye miatsɔ afã eveawo na nyɔnu eve siawo ɖekaɖekae!” Nyɔnu si tɔe nye ɖevi gbagbe la eye wòlɔ̃ via ŋutɔŋutɔ la do ɣli be, “Ao! Kpao! Aƒetɔ! Tsɔ ɖevi gbagbe la na nyɔnu evelia faa! Mègawui o!” Ke nyɔnu evelia ya gblɔ be, “Enyo, ekema ɖevia maganye tɔwò loo alo tɔnye o; mimae na mí!” Fia la gblɔ be, “Tsɔ ɖevi gbagbea na nyɔnu si di be ɖevia nanɔ agbe, elabena eyae nye ɖevi la dada!” Fia Solomo ƒe nyametsotso sia kaka ɖe dukɔ blibo la me enumake eye ameawo katã ƒe nu ku esi wodze si nunya gã si Mawu nae.
30-3b5138025ac33749cce672dc9886b347.mp3
Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe. Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la, wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome. Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui. David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi. David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!” David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi. Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno. Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o. David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ. Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.” David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.” Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta. David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si. David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã. Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe. David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.” Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe. Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.” Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi. Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.” Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe. Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.” Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir, Aroer, Sifmɔt, Estemoa, Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo, Horma, Bor Asan, Atak, kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de.
4-c99d621914910360dc26b76494ea8c5d.mp3
Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be, “Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la, ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea? Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti? Bu ale si nèfia nu ame geɖewo kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti. Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te eye nèdo ŋusẽ klo beliwo. Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dziwò, eye dzi ɖe le ƒo wò; eƒo wò ƒu anyi eye nèse veve. Ɖe wò Mawuvɔvɔ̃ manye wò dzideƒo eye wò blibodede nanye wò mɔkpɔkpɔ oa? “Azɔ bu eŋuti kpɔ. Ame maɖifɔ ka wohe to na kpɔ? Afi ka wogblẽ ame dzɔdzɔe dome le kpɔ? Abe ale si mede dzesii ene la, ame siwo ŋlɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe agble eye woƒã dzɔgbevɔ̃e lae ŋenɛ. Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na. Dzatawo aɖe gbe, axlɔ̃ sesĩe gake woate ŋu aŋe aɖu na dzataviwo. Dzata kuna ne mekpɔ nu lé o eye dzatanɔwo kakana. “Wotsɔ nya aɖe vɛ nam le adzame, nye towo see wotsɔe do dalĩ nam. Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém eye wona nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe. Gbɔgbɔ aɖe ɖo asagba va to nye ŋkume yi eye ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye. Etɔ gake nyemate ŋu agblɔ nu si wònye o. Nɔnɔme aɖe va tsi tsitre ɖe ŋkunye me eye mese gbe bɔlɔe aɖe be, ‘Ɖe ame kodzogbea anɔ dzɔdzɔe wu Mawua? Ɖe amegbetɔ anɔ dzadzɛe wu eƒe Wɔlaa? Ne Mawu meka ɖe eƒe dɔlawo dzi o eye wòbua fɔ eƒe dɔlawo be woda vo, ʋuu keke, ke wòahanye ame siwo le anyixɔwo me, ame siwo gɔme woɖo anyi ɖe ke me eye wogbãa wo bɔbɔe abe ŋɔvi ene! Wogbãa wo gudugudu le fɔŋli kple zã dome, ame aɖeke menyana gɔ̃ hã o, ale wotsrɔ̃na gbidii. Ɖe womehoa woƒe agbadɔkawo, ale be woaku numanyamanyae oa?’ ”
10-cf7f4a2eaa5cbd22370f7a18ddd25064.mp3
Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko. Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu. Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.” Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la. Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu. Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame. Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta. Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi. Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.” Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene, gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me. Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.” Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo. Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me, eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu. Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia. Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome: Hanani kple Zebadia. Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia. Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa. Tso Levitɔwo dome: Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer. Tso hadzilawo dome: Eliasib. Tso agbonudzɔlawo dome: Salum, Telem kple Uri. Tso Israelvi bubuwo dome: Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome: Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya. Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome: Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya. Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza. Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome: Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai. Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot. Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome: Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase. Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon, Benyamin; Maluk kple Semaria. Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei. Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Madai, Amram, Uel, Benaya, Bedeya, Keluhi, Vania, Meremot, Eliasib, Matania, Matenai kple Yaasu. Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome: Simei, Selemia, Natan, Adaya, Maknadebai, Sasai, Sarai, Azarel, Selemia, Semaria, Salum, Amaria kple Yosef. Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome: Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya. Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.
15-cff5b0168f8d1024590cd9058de6998b.mp3
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana. Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ. Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu. Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke ame si xɔa ɖɔɖɔɖo la, nunyalae. Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo. Nunyalawo ƒe nuyiwo kakaa sidzedze, ke mele alea le bometsilawo ƒe dzi me o. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ, ke elɔ̃a ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome la ƒe mɔ. Tohehe sesẽ le ame si tra le mɔ dzi la lalam eye ame si lé fu ɖɔɖɔɖo la aku. Ku kple tsiẽƒe le nuvo le Yehowa ŋkume, kaka wòahanye amegbetɔwo ƒe dzi! Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o. Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu. Dzi si si sidzedze su la dia gɔmesese gake bometsitsi zua nuɖuɖu na bometsila ƒe nu. Ame siwo wole fu wɔmii la ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃ gake dzi si me dzidzɔ le la tua aglo atraɖii. Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le. Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo. Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu. Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata. Viŋutsu nunyala hea dzidzɔ vɛ na fofoa, ke bometsila doa vlo dadaa. Bometsinuwɔwɔ doa dzidzɔ na ame manyanu, ke nugɔmesela léa mɔ ɖeka tsɔna. Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze. Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o? Nunyalawo ƒe agbemɔ ɖo ta dzi, be wòakpe ɖe eŋu magaɖiɖi ayi ɖe tsiẽƒe o. Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe ƒua anyi, ke enana ahosiwo ƒe liƒo nɔa anyi pɛpɛpɛ. Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe tameɖoɖo, ke ame siwo dza la tɔ ya doa dzidzɔ nɛ. Ŋuklẽla hea fukpekpe vaa eƒe aƒe dzi, ke ame si lé fu zãnuxɔxɔ la anɔ agbe. Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa. Yehowa le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa. Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me. Ame si ɖoa to mokaname si hea agbe vɛ la, ƒe dzi adze eme le nunyalawo dome. Ame si doa toku amehehe la, doa vlo eɖokui, ke ame si xɔa mokaname la gɔmesese sua esi. Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
14-f0175b7e08f8ea954d14a7077ec66cf5.mp3
Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi eye wòɖe gbe be, dukɔ blibo la nawɔ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ƒe sewo dzi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, eɖe ɣelegbawo ɖa le togbɛawo dzi kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo ɖa le Yuda duwo me. Esia ta Mawu na ŋutifafa nɔ eƒe fiaduƒe me. Nu sia na wòte ŋu tso duwo eye wòɖo gli ƒo xlã wo le Yudanyigba la ƒe akpa sia akpa. Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie. Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi (280,000) tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo. Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa. Asa do go yi be yeakpee eye eƒe amewo dze aʋa ɖi ɖe Zefata bali la me te ɖe Maresa ŋu. Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!” Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si. Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ. Esi wonɔ Gerar la, wodze du siwo katã nɔ nuto me ma la dzi eye Yehowa na vɔvɔ̃ ɖo afi ma tɔwo. Le esia ta wogaha aboyonu geɖewo le du siawo hã me. Womeha nuwo ɖeɖe ko le duawo me o, ke boŋ wogbã lãhawo ƒe agbadɔwo hã eye wokplɔ ale kple kposɔ geɖewo dzoe va Yerusalem.
19-23f2dd26263ba5dcd1402a08ccd69002.mp3
“Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be, “ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo. Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna. Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme, wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi. “ ‘Esi dzatanɔ la kpɔ be yeƒe mɔkpɔkpɔ medze edzi o la, ebu mɔkpɔkpɔ, tsɔ eƒe dzataviwo dometɔ bubu, wɔe wòzu dzata sesẽ aɖe. Enɔ dzatawo dome, elabena ezu dzata sesẽ aɖe azɔ. Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna. Egbã woƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi, eye wòwɔ woƒe duwo wozu aƒedo. Eƒe gbetete do ŋɔdzi na anyigba la kple ame siwo katã nɔ edzi Tete dukɔ siwo tso nuto ma me godoo la tso ɖe eŋu. Woɖo ɖɔ nɛ, eye woɖee le woƒe asɔʋe me. Wode ga ŋɔtime nɛ, hee ɖade gaxadza me, eye wokɔe yi na Babilonia fia. Ale womegase eƒe gbetete kpɔ le Israel ƒe towo dzi o. “ ‘Dawò nɔ abe wainti ene le wò wainbɔ me. Wodoe ɖe tsi gbɔ. Etsea ku, eye wòɖe alɔwo fũu le tsi ƒe agbɔsɔsɔ le afi ma ta. Eƒe alɔwo sẽ, eye wonyo woatsɔ awɔ fiatikplɔ. Ekɔ gbɔ avemeti bubuawo katã ta, edzena le eƒe kɔkɔ kple eƒe alɔ geɖewo ta. Ke wotsoe ƒu anyi le dɔmedzoe me. Ɣedzeƒeya na wòyrɔ, eye woɖe eƒe kutsetsewo ɖa le eŋu. Eƒe alɔ sesẽawo ku, eye dzo fia wo. Azɔ la, wodoe ɖe gbegbe, anyigba ƒuƒu aɖe dzi, afi si tsi menɔ o. Dzo bi, kaka tso eƒe alɔ gã ɖeka me, eye wòbi eƒe tsetseawo. Alɔ sesẽ aɖeke megatsi eŋu woatsɔ akpa dziɖula ƒe fiatikplɔe o. Esia nye konyifaha, eye woawɔ eŋu dɔ abe konyifaha ene.’ ”
9-2fb3820208d882fc4f72bb0719c44ff6.mp3
Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me. Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.” Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo? Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’ ” Be miadze sii be ŋusẽ le nye Amegbetɔ Vi la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake amewo le anyigba dzi ŋuti la, Yesu trɔ ɖe lãmetututɔ la gbɔ gblɔ nɛ be, “Tsi tsitre nàŋlɔ wò aba ne nàzɔ ayi aƒe me!” Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me. Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ! Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome. Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla bubuwo hã nɔ ame kpekpeawo dome. Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?” Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe. Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.” Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?” Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ. “Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.” Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.” Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒe aƒe me enumake. Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to, elabena egblɔ le eɖokui me be, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la, nye lãme asẽ.” Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ. Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim. Yesu gblɔ be, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevi la meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.” Ame siwo se nya sia la ɖu fewu le eŋu, eye ɖewo hã koe. Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ. Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom be, “O, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí.” Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo la. Tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo be, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ.” Ale Yesu ka asi woƒe ŋkuwo ŋu hegblɔ be, “Ava eme na mi abe ale si miexɔe se ene.” Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o. Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me. Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ, eye metea ŋu ƒoa nu o la vɛ nɛ. Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le ame la me, eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, yewomekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o. Ke Farisitɔwo ya gblɔ be, “Nu si ta wòtea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe ɖo lae nye be, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.” Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la kpe ɖo. Enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã, eye afi sia afi si wòyi la, edaa gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”
18-23ad0cba7d18074b1d125df2c0e1bb7b.mp3
Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.” Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria. Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe. Eva eme be fianyɔnu Yezebel dze agbagba be yeawu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo katã le anyigba la dzi, ke Obadiya dze agbagba ɣla wo dometɔ alafa ɖeka ɖe agado eve me. Ame blaatɔ̃ nɔ agado ɖeka me eye blaatɔ̃ hã nɔ agado evelia me. Enyi wo kple abolo kple tsi ƒuƒlu ko. Fia Ahab gblɔ na Obadiya be, “Tsa le tɔsisi kple tɔʋu ɖe sia ɖe to le anyigba blibo la dzi ɖewohĩ miakpɔ gbe ana sɔawo kple tedziawo woaɖu be miaƒe lãwo magatsrɔ̃ na mi o. Ale ame eveawo tsa le anyigba la dzi; Ahab tsɔ eƒe mɔ eye Obadiya hã lé eƒe mɔ tsɔ.” Obadiya kpɔ Eliya wògbɔna egbɔ. Obadiya dze sii enumake. Ede ta agu nɛ eye wòbiae be, “Nye aƒetɔ Eliya, wò tututuea?” Eliya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye tututue. Yi nàgblɔ na Fia la be mele afii.” Obadiya biae be, “Nu gbegblẽ ka mewɔ be nètsɔ wò dɔla le asi dem na Ahab be wòawu? Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be dukɔ alo fiaɖuƒe aɖeke meli si nye aƒetɔ medɔ ame ɖo be woadi wò o. Ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gblɔ be mèle yewo gbɔ o la, enana wokaa atam be nyateƒee yewomekpɔ wò o. Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ, agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ Nyemenya afi si Yehowa ƒe Gbɔgbɔ akplɔ wò ayii ne medzo le gbɔwò o. Ke ne meɖagblɔe na Ahab eye meva kpɔ wò o la, awum. Ke hã la, nye, wò dɔla, mesubɔ Yehowa tso nye ɖekakpuime ke. Nye aƒetɔ, ɖe mèse nu si mewɔ esi Yezebel nɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo wum oa? Meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado eve me, blaatɔ̃ ɖe agado ɖeka me, blaatɔ̃ ɖe agado evelia me eye mena nuɖuɖu kple tsi wo. Ke azɔ la, ègblɔ nam be mayi nye aƒetɔ gbɔ agblɔ nɛ be, ‘Eliya le afii.’ Awum godoo!” Eliya gblɔ nɛ be, “Meta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si mesubɔna la ƒe agbe be egbe matsɔ ɖokuinye afia Ahab godoo.” Ale Obadiya yi ɖagblɔ na Fia Ahab be Eliya va. Ale Ahab do go be yeayi aɖakpee. Esi wòkpɔ Eliya la, ebiae be, “Wòe nye ema? Wò ame si le fu ɖem na Israel mahã?” Eliya ɖo eŋu be, “Nyemehe fukpekpe aɖeke va Israel dzi o, ke boŋ wò kple fofowò ƒe aƒe lae elabena miegble Yehowa ƒe sededewo ɖi eye miedze Baalwo yome. Azɔ la, yɔ Israel katã, Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kple aƒeli ƒe nyagblɔɖila alafa ene siwo ɖua nu le Yezebel ƒe kplɔ̃ ŋu ƒo ƒu ɖe gbɔnye le Karmel to dzi.” Ale Ahab ɖo du ɖe Israelnyigba katã dzi eye wòna nyagblɔɖilawo ƒo ƒu ɖe Karmel to dzi. Eye Eliya do ɖe ameawo ŋgɔ eye wògblɔ na wo be, “Ɣe ka ɣie mianɔ evedome si va se ɖo? Ne Yehowae nye Mawu la, midze eyome, ke nenye Baal ye nye Mawu la, midze eyome!” Gake womeɖo nya aɖeke ŋuti nɛ o. Eliya yi edzi be, “Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila si susɔ, ke nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ le Baal ya si. Midi nyitsu eve na mí. Mina woatia ɖeka na wo ɖokui. Wonefli lã la eye woatsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi gake womado dzo ɖe ete o. Nye hã mafli nyitsu evelia atsɔ lãkɔawo aɖo nake la dzi eye nyemado dzo ɖe ete o. Ekema miayɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ eye nye hã mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ eye mawu si aɖo dzo ɖa la, eyae nye Mawu.” Tete ameawo katã do ɣli be, “Nya si nègblɔ la nyo.” Eliya trɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miawo miwɔ mia tɔ gbã, elabena miesɔ gbɔ. Mitia nyitsuawo dometɔ ɖeka, miflii da ɖe nakeawo dzi eye miyɔ miaƒe mawu la ƒe ŋkɔ gake migade dzo nakeawo te o.” Wokplɔ nyitsu si wotsɔ na wo la, wowui, heflii ɖo nakeawo dzi. Tete woyɔ Baal ƒe ŋkɔ tso ŋdi va se ɖe ŋdɔ. Wodo ɣli be, “Oo Baal, tɔ na mí!” Gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o eye ame aɖeke metɔ na wo o. Ale woɖu ɣe ƒo xlã vɔsamlekpui si woɖi. Esi ɣe ɖo to la, Eliya nɔ alɔme ɖem le wo ŋu be, “Mido ɣli sesĩe! Nyateƒemawue wònye! Ɖewohĩ ele ŋugble dem vevie alo eƒe ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu alo ezɔ mɔ. Ɖewohĩ ele alɔ̃ dɔm eye wòhiã be woanyɔe.” Ale wogado ɣli ɖe edzi sesĩe wu tsã, eye le woƒe kɔnyinyi nu la, wotsɔ hɛwo kple yiwo si wo ɖokui va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu. Le ɣetrɔ me la, woganɔ woƒe gbedodoɖa dzi kple ŋkubiã va se ɖe fiẽvɔsaɣi gake ame aɖeke metɔ o, ame aɖeke meɖo nya ŋu na wo loo alo ɖo to wo o. Eliya gblɔ na ameawo katã be, “Mite va gbɔnye!” Ameawo katã ƒo ƒu ɖe eŋu esi wòdzra Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wogbã la ɖo. Etsɔ kpe wuieve ɖe Yakob, ame si Yehowa gblɔ na be, “Wò ŋkɔe anye Israel” la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu. Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ŋkɔ me eye wòɖe do ƒo xlãe. Do la lolo ale be woate ŋu akɔ tsi lita wuiatɔ̃ ɖe eme. Eɖo nakeawo ɖe vɔsamlekpui la dzi eye wòfli nyitsu la hetsɔ ɖo nakeawo dzi. Emegbe la egblɔ na wo be, “Miku tsi ɖe tsizɔ eneawo me eye miatrɔe akɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi.” Egblɔ na wo be, “Migawɔe ake” eye wogawɔe. Eɖe gbe na wò be, “Miwɔe zi etɔ̃lia.” Ale wowɔe zi etɔ̃lia. Ale tsi la gbagba tso vɔsamlekpui la dzi eye wòyɔ do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la gɔ̃ hã. Esime fiẽvɔsaɣi ɖo la, Eliya te ɖe vɔsamlekpui la ŋu eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, ɖee fia egbe be wòe nye Mawu le Israel eye mewɔ esiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, oo Yehowa, tɔ nam. Ekema, oo Yehowa, ame siawo anyae be, wòe nye Mawu eye be wòe gbugbɔ woƒe dzi le tɔtrɔm ɖe ŋuwò.” Tete Yehowa ƒe dzo ge va fia vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigli la eye wòno tsi wòvɔ le do si woɖe ƒo xlã vɔsamlekpui la me ƒiaƒiaƒia! Esi ameawo katã kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli be, “Yehowae nye Mawu! Yehowae nye Mawu vavã!” Tete Eliya ɖe gbe na wo be, “Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo. Migana wo dometɔ aɖeke nasi adzo o!” Ale wolé wo eye Eliya na wokplɔ wo ɖi agae yi ɖe Kison balime eye wòwu wo le afi ma. Azɔ la, Eliya gblɔ na Fia Ahab be, “Yi nàdi nu nyui aɖe nàɖu elabena tsi gã aɖe ɖo gbɔna.” Ale Ahab ɖo kplɔ̃ gã aɖe, ke Eliya lia Karmel to la, dze klo eye wòtsɔ eƒe ta de eƒe klowo dome. Egblɔ na eƒe subɔla be, “Yi nàkpɔ atsiaƒu la gbɔ lɔƒo ɖa.” Subɔla la de gbɔ va gblɔ na Eliya be, “Nyemekpɔ naneke o.” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàgayi, nàgayi zi adre!” Mlɔeba la, esi subɔla la yi zi adrelia la, egblɔ na Eliya be, “Mekpɔ lilikpo aɖe wòlolo abe ŋutsu ƒe asi ene. Enɔ hohom tso atsiaƒu la me.” Eliya do ɣli enumake be, “Ɖe abla nàyi Ahab gbɔ, gblɔ nɛ be wòage ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòaɖi tso to la dzi kaba, ne menye nenema o la, tsidzadza ava xe mɔ nɛ!” Azɔ la, lilikpowo va xe dziŋgɔli la ŋkume litii eye ahomya sesẽ aɖe he tsidzadza gã aɖe vɛ. Ahab dzo enumake yi Yezreel. Yehowa ƒe ŋusẽ va Eliya dzi ale be, esi wòbla eƒe ali dzi nyuie la, ete ŋu ƒu du nɔ ŋgɔ na Ahab ƒe tasiaɖam va se ɖe Yezreel ƒe agbo nu.
9-ee38b4ce0389464410d998b13ce041a0.mp3
Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti. Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ŋu, naneke menɔ ɣaɣla ɖi o. Enya nu sia nu eye wòte ŋu ɖe nu sia nu me nɛ. Esi fianyɔnu la kpɔ ale si gbegbe Solomo nya nu, ale si eƒe fiasã la nyoe, nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku. Seba fianyɔnu la gblɔ na fia la be, “Nutsotso siwo katã mese le nye ŋutɔ nye dukɔ me tso wò dzidzedzekpɔkpɔwo kple wò nunya ŋu la nye nyateƒe. Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia eye mekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Le nyateƒe me la, womegblɔ ale si wò nunya de ŋgɔe la ƒe afã gɔ̃ hã nam o. Ekɔ gbɔ nutsotso siwo mese la ŋu sasasa. Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o! Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.” Tete Seba fianyɔnu la tsɔ sika tɔn ene, atikeʋeʋĩ gbogbo aɖewo kple kpe xɔasiwo na fia la. Ame aɖeke metsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ kpɔ nenema abe esiwo Seba fianyɔnu la tsɔ na Fia Solomo ene o. Fia Hiram kple Solomo ƒe tɔdziʋukulawo tsɔ sika si tso Ofir kple papawuti kple kpe xɔasi geɖewo hã vɛ. Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o. Fia Solomo tsɔ nunana geɖewo na Seba fianyɔnu la eye woƒe home de esi fianyɔnu la nae nu hafi wògatsɔ nu sia nu si fianyɔnu la biae la nɛ. Azɔ la, fianyɔnu la kple eƒe amewo trɔ yi wo de. Sika si Solomo xɔna ƒe sia ƒe la dea tɔn blaeve vɔ atɔ̃, ga si asitsalawo tsɔna vɛ nɛ la mele eme o. Hekpe ɖe esia ŋu la, Arabia fiawo katã kple anyigba la dzi mɔmefiawo tsɔa sika kple klosalo vɛ na Solomo. Fia Solomo tsɔ sika wɔ akpoxɔnu gã alafa eve (200). Wotsɔ sika kilogram etɔ̃ kple afã wɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe. Egatsɔ sika wɔ akpoxɔnu ɖagbitɔ alafa etɔ̃ (300), ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilo eve. Fia la tsɔ nu siawo da ɖe Lebanon ƒe Avexɔ me le eƒe fiasã la me. Fia la kpa fiazikpui gã aɖe. Etsɔ nyiɖu fa ɖe eme eye wòtsɔ sika nyuitɔ fa ɖe eŋu. Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi. Dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Fiazikpui aɖeke meganyo abe esia ene le fiaɖuƒe aɖeke me o. Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o. Asitsatɔdziʋu geɖewo nɔ fia la si siwo yia asigbe le atsiaƒu dzi kple Hiram ƒe dɔlawo tɔwo. Wotrɔna gbɔna zi ɖeka le ƒe etɔ̃ me kple sika, klosalo, nyiɖu kple kese ƒomevi vovovowo kple xewo. Ale Fia Solomo de ŋgɔ wu anyigbadzifiawo katã le kesinɔnuwo kple nunya me. Fiawo tsoa dukɔ ɖe sia ɖe me vana Solomo gbɔ hena aɖaŋuxɔxɔ eye be woaɖo to nunya si Mawu tsɔ de eƒe dzi me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo, sika kple awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋĩwo, sɔwo kple tedzisɔwo vana nɛ ƒe sia ƒe. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ. Solomo ɖu fia ɖe fia kple fiaɖuƒe ɖe sia ɖe dzi tso Frat tɔsisi la to yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi heyi keke Egipte ƒe liƒo dzi. Ena klosalo bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene. Wotsɔa sɔwo tso Egipte kple dukɔ bubuwo me vɛ nɛ. Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me. Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.
65-220d11a53db463263dd4c3410550d221.mp3
“Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o, eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye. Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’ Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo me na dukɔ sẽto, ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la. Ame siwo le dɔmedzoe dom nam ɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe. Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwo le anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi, ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã, woƒe detsizewo yɔna fũu kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo. Ame siwo gblɔna be, ‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o, elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’ Ame siawo tɔgbi la, dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime. Dzo si le bibim ŋkeke blibo la katãe wonye. “Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa. Nyemazi ɖoɖoe o. Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie. Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo, miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa, elabena wosa vɔ le towo tame, eye wodo tokum le togbɛwo dzi. Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa, maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.” Yehowae gblɔe. Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ, eye amewo gblɔna be, ‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la, nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu, nyematsrɔ̃ wo katã o. Mana dzidzimewo nado tso Yakob me, eye ame siwo axɔ nye towo woanye woƒe domenyinu la ado tso Yuda me. Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome, eye afi mae nye dɔlawo anɔ. Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo, eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒe na nye ame siwo dia nye mɔ. “Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama, eye mieku wain si wotɔtɔ la, kplu banaa na Dzɔgbese la, maɖo mi ɖi na yi, eye mi katã miado dɔgɔ̃e hena wuwu, elabena meyɔ mi gake mietɔ o. Meƒo nu gake mieɖo to o. Miewɔ nu tovo le nye ŋkume, eye mietia nu si metsri.” Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la dɔ awu mi. Nye dɔlawo ano nu; miawo la, tsikɔ awu mi. Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la woado ŋukpe mi. Nye dɔlawo adzi ha le woƒe dziwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miafa avi le dzi ƒe vevesese ta, eye miado ɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta. Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawo woawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene. Aƒetɔ Yehowa awu mi, ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo. Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔe le nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, eye ame si aka atam le anyigba dzi la, akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me, elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be, eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo. “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi alo woava ame ƒe susu me o, gake mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu, elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu, eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo. Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam. Womagase avifafa kple konyifaɣli le eme azɔ o. “Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la maganɔ afi ma o. Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la abe ɖekakpui ene, eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui nɛ abe fiƒode ene. Woatu xɔwo anɔ wo me. Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse. Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me, alo woade agble ame bubu naɖu o, elabena abe ale si ati tsinae ene la, nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ. Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe. Womadze agbagba dzodzro, alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o, elabena woanye ame siwo Yehowa yra, woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa. Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee. Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene, ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu. Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu le nye to kɔkɔewo katã dzi o.” Yehowae gblɔe.
5-5260bab93b9062982649244700760486.mp3
“O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò: “Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o. Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o, elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be, ‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la, ame alafa ɖeka koe agbɔ, eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la ame ewo koe agbɔ.’ ” Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, “Midim, ne mianɔ agbe. Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.” Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o. O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese, eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba! Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ. Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi, eye wògbãa eƒe gli sesẽwo. Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu, eye miele fu nyateƒetola. Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o. Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ. Menya wo katã nyuie. Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu, eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe, eya ta ame siwo nye nunyalawo la, azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me, elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye. Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe! Ekema Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si miawo ŋutɔ miegblɔ la ene. Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo. Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi. Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me, elabena mava to afi ma akaka agbleawo.” Yehowae gblɔe. Baba na mi, ame siwo tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti. Nu ka ta mietsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo? Ŋkeke ma anye viviti, manye kekeli o. Le ŋkeke ma dzi la, mianɔ abe ame si si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene, eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui. Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti, eye menye kekeli oa? Ɖe menye blukɔe wònye, eye keklẽ mele eme oa? “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo. Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo kple ŋkekenyuiwo ase o. Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la, nyemaxɔ wo o. Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la, nyemanye kɔ akpɔ wo o. Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam! Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene! “O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ? Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawu siwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi, eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.” Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.
3-38a38a3f8e941498b621045f2fa67572.mp3
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba, eye wòakpɔ dziɖuɖu le afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva mia gbɔ la ene. Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena menye ame sia ame si xɔse la le o. Aƒetɔ la, nuteƒewɔla wònye, eya ta ado ŋusẽ mi, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ ƒe fuwɔame ɖe sia ɖe me. Míeka ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miele nu siwo míefia mi la dzi wɔm, eye menye zi ɖeka ko o, ke boŋ ɣe sia ɣi. Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, míele se sia dem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be: Abe ale si míefia mi be miawɔ ene la, migade ha kple nɔvi si nɔa anyi kuviatɔe gbe sia gbe, eye mewɔa dɔ aɖeke o la o. Elabena miawo ŋutɔ mienya ale si wòle be miadze míaƒe kpɔɖeŋu yomee. Esi míenɔ mia dome la, míenɔ anyi kuviatɔe alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o. Míewɔ esia menye esi míate ŋu abia kpekpeɖeŋu ma tɔgbi mi ta o, ke boŋ be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo kpɔɖeŋu na mi be miadze eyome. Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.” Gake míese be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi ɖe amenyagbɔgblɔ ŋu. Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii. Hena nɔvi lɔlɔ̃ mamlɛawo la, mele nu xlɔ̃m mi be ɖeɖi megate mia ŋuti le nu nyui wɔwɔ me o. Nenye be ame aɖe gbe be yemawɔ ɖe nu siwo míegblɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o la, milé ŋku ɖe eŋuti, eye migade ha kplii o, ale be ŋu nakpee. Ke migabui be enye miaƒe futɔ o, ke boŋ miƒo nu nɛ abe nɔvi si hiã nuxlɔ̃ame ene. Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã. Azɔ esia nye nye Paulo ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi, abe ale si mewɔnɛ le nye agbalẽwo katã ƒe nuwuwu la ene, be wòanye kpeɖodzi na mi be agbalẽ la tso nye ŋutɔ gbɔnye. Esia nye nye ŋutɔ nye asinuŋɔŋlɔ. Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ mi katã mia dzi.
11-e8a8a35c2cfd8ad9778768a698d46a5b.mp3
Na nu amewo faa elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe. Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me. Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze. Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la, meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la, meŋea nu o. Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí abe ale si míenya ya ƒe toƒe o kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene. Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie. Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe! Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu. Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta, eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.
26-76c515c7c3d029b03d7e63418cecc959.mp3
Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.” Ale Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be, “Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom. “Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem me, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi. Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ. Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa? “Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me. “Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ. Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi. Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’ “Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom?’ “Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã. Makpɔ tawò, eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe asi me. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o dome be nàgblɔ nyanyui la na wo, be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’ “Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã. Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi. Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ” Esi Festus se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.” Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. Fia Agripa, menya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?” Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?” Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.” Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple Mɔmefiagã Festus kple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo. Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o. Ale Agripa gblɔ na Festus be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la, anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”
5-37dac4113510ca67819897060fb46703.mp3
Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém. Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla. Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, “Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.” Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la nɛ. Aram fia ɖo eŋu nɛ be, “Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia.” Ale Naaman dze mɔ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo. Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye: “Mele agbalẽ sia ɖom ɖe wò to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu nɛ.” Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo vɔ teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, “Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia dɔ ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!” Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, “Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze wò awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel.” Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va tɔ ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu. Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, “Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ.” Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, “Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ dɔ nye anyidɔ la hafi. Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo kple dziku. Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ nɛ be, “Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na wò be, ‘Yi nàle tsi eye wò ŋuti nakɔ!’ ” Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene. Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.” Ke nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Meta Yehowa, ame si mesubɔna la ƒe agbe be nyemaxɔ naneke o.” Togbɔ be Naaman ƒoe ɖe enu hã la, egbe mexɔ nunanawo o. Naaman gblɔ nɛ be, “Ne màxɔ wo o la, meɖe kuku, na wò dɔla naka anyi si tedzi eve ate ŋu atsɔ la nam elabena wò dɔla magasa numevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu bubu aɖeke o, negbe Yehowa ko. Ke Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ɖeka ko ta be ne nye aƒetɔ yi Rimon ƒe gbedoxɔ me be wòade ta agu eye wòziɔ ɖe nye abɔ ŋuti eye nye hã mede ta agu, le Rimon ƒe gbedoxɔa me la, Yehowa netsɔe ke wò dɔla ɖe esia ta.” Elisa gblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me.” Ale Naaman trɔ ɖo ta wo de. Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.” Ale Gehazi ɖe abla kplɔ Naaman ɖo. Esi Naaman kpɔe wònɔ du dzi gbɔna la, eɖi le eƒe tasiaɖam me be yeado goe. Ebia be, “Nu sia nu le nyuiea?” Gehazi ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, nu sia nu le nyuie gake nye aƒetɔe dɔm be magblɔ na wò be, ‘Ɖekakpui eve tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dome, tso Efraim to dzi va ɖo gbɔnye fifi laa eya ta, meɖe kuku, tsɔ klosaloga kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene kple awudodo ha eve na wo.’ ” Naaman ɖo eŋu nɛ be, ele vevie eya ta xɔ klosaloga kilogram blaade-vɔ-enyi. Eƒoe ɖe Gehazi nu be wòaxɔe. Tete wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me nɛ eye wòtsɔ awudodo ha eve kpe ɖe eŋuti nɛ. Etsɔ wo de eƒe dɔla eve si eye wotsɔ wo dze Gehazi ŋgɔe. Ke esi wogogo to si dzi Elisa nɔ la, Gehazi xɔ nuawo le subɔla eveawo si eye wòna wotrɔ dzo. Etsɔ ga la ɣla ɖe eƒe aƒe me. Esi wòyi eƒe aƒetɔ gbɔ la, Elisa biae be, “Gehazi, afi ka nètso?” Gehazi ɖo eŋu be, “Wò dɔla medo yi afi aɖeke o.” Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa? Esi nèwɔ esia ta la, Naaman ƒe anyidɔ la ava wò kple viwòwo kple wo tɔgbuiyɔviwo dzi tegbetegbe.” Anyi ƒo ɖe Gehazi ŋu enumake, eŋuti katã fu kpii eye wòzu anyidzela hafi do go le xɔa me.

Text-to-Speech

Downloads last month
39
Edit dataset card